Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 21:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 eye dukɔ la ƒo nu le Mawu kple Mose ŋu bena: Nukata miekplɔ mí tso Egipte, be míaku le gbedzi? Elabena abolo kple tsia ɖeke mele afisia o, eye nuɖuɖu vlo sia le ŋu nyɔm na mí.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Wode asi liʋĩliʋĩlilĩ me ɖe Mawu kple Mose ŋu be, “Nu ka ta miekplɔ mí dzoe le Egipte be míava ku ɖe gbedzi le afi sia? Naneke mele afi sia míaɖu o, tsi meli míano o, mana sia hã va ti mí azɔ.”

Gade chapit la Kopi




4 Mose 21:5
19 Referans Kwoze  

eye woƒo nu ɖe Mawu ŋu gblɔ bena: Ɖe Mawu ate ŋu aɖo kplɔ̃ de gbedzi loo?


Eye Aron tsɔe, abe alesi Mose gblɔ ene, hoƒu ɖu yi ɖe takpekpe la me, eye kpɔ ɖa, dɔvɔ̃ dze gɔme le dukɔ la dome, eye wotsɔ dzudzɔdonu hele avu na wo.


eye wogblɔ na Mose bena: Esi yɔdo mele Egipte o ta, nèkplɔ mi dzoe, bena miava ku ɖe gbedzia? Nukaŋuti nèwɔ esia ɖe mía ŋuti, eye nèkplɔ mi tso Egipte?


Ƒoɖilae zɔa anyitsi me, ke dɔwuitɔ la nu vevewo katã vivia enu.


Tsyuẽviwo fofo kple ʋɔnudrɔ̃la na ahosiwo nye Mawu le eƒe nɔƒe kɔkɔe la.


Eye Israeltɔwo na ŋkɔe be man; ele abe xetsetse ene hele ɣie; eye wòvivina abe tatali, si me wode anyitsii ene.


Eye esi Israel-viwo kpɔe la, wogblɔ na wo nɔewo bena: Nuka nye esi? Elabena Womenya nusi wònye o. Tete Mose gblɔ na wo bena: Esia enye abolo, si Yehowa na mi, be miaɖu la.


Eye dukɔ la li Mose ŋu gblɔ bena: Nuka no ge míala?


Migana miate Kristo akpɔ, abe alesi wo dome amea ɖewo tee kpɔ fe ye dawo tsrɔ̃ wo ene la o.


Ke wo viwo sẽ to ɖe ŋunye, womezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, womelé nye sewo me ɖe asi, ne woawɔ wo dzi o, evɔ wònye ne ame wɔ wo dzi la, woana wòanɔ agbe hafi, eye wogblẽ kɔ ɖo na nye dzudzɔgbewo. Tete meɖo be, matrɔ nye dziku aƒo ɖe wo dzi, eye nye dɔmedzoe nabi avɔ de wo ŋu le gbea dzi.


boŋ ɣleti ɖeka sɔŋ, vaseɖe esime wòado alo ŋɔti me na mi, eye woazu ŋunyɔnu na mi; elabena mieɖo vlo Yehowa, si le mia dome, eye miefa avi nɛ bena; Nukata gɔ̃ míedzo le Egipte ɖo?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite