Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 21:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Tete Israel ɖe adzɔgbe na Yehowa gblɔ bena: Ne atsɔ dukɔ sia ade asi nam la, ekema matsrɔ̃ woƒe duwo gbidigbidi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Israelviwo ɖe adzɔgbe na Yehowa be, ne ana yewoaɖu Arad fia kple eƒe amewo dzi la, yewoagbã du siwo katã le afi ma la gudugudu.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 21:2
15 Referans Kwoze  

Eye Yefta ɖe adzɔgbe na Yehowa gblɔ bena: Ne ètsɔ Amon-viwo ɖe asi nam vava,


Eye Yakob ɖe adzɔgbe gblɔ bena: Ne Mawu anɔ anyi kplim, eye wòakpɔ dzinye le mɔ, si dzi mele la dzi, eye wòana abolom maɖu kple awum mado,


eya, amesi ka atam na Yehowa, eye wòɖe adzɔgbe na Yakob ƒe ŋusẽtɔ la be:


Maxe nye adzɔgbeɖefe na Yehowa le eƒe dukɔ blibo la ŋku me,


Eye wòɖe adzɔgbe gblɔ bena: Yehowa Zebaot, ne ekpɔ wò dɔlanyɔnu ƒe hiã ɖa, eye nèɖo ŋku wò dɔlanyɔnu dzi, mèŋlɔe be o, eye nena ŋutsuvi wò dɔlanyɔnu la, ekema matsɔe na Yehowa le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, eye talũhɛ made ta ŋu nɛ o!


Le ɣemaɣi Yosua ka atam bena: Ŋutsu, si atso, be yeagbugbɔ Yerixo-du sia atso la, aɖi eŋu le Yehowa ŋku me. Via ŋgɔgbea ƒe ku wòatsɔ aɖo egɔme anyi, eye eƒe dɔmlɔea ƒe ku wòatsɔ aɖe agbo enu!


Mitsrɔ̃ du la kple nusiwo katã le eme gbidigbidi na Yehowa; negbe Raxab, gbolo la, kple amesiwo katã le eƒe me ko miaxɔ de agbe, elabena eyae tsɔ amesiwo míedɔ la ɣla.


ekema di nya la gɔme, eye nabia eta tsitotsito. Eye nenye nyateƒee be, wowɔ nua, eye wowɔ ŋunyɔnu sia le mia dome la,


Ne amea ɖe melɔ̃ Aƒetɔ Yesu Kristo o la, nezu busu! Aƒetɔ la gbɔna!


Ke mèkpɔ mɔ ana amea ɖeke natsi agbe le dukɔ siawo ƒe du, siwo Yehowa, wò Mawu, ana wò wòanye wò domenyinu lãme o;


eye Yehowa, wò Mawu, tso wo de asi na wò nèɖu wo dzi la, ekema, natsrɔ̃ wo gbidigbidi, megabla nu kpli wo o, eye megave wo nu o.


ekema nadza du ma me tɔwo kple yi, eye natsrɔ̃e kple nusiwo le eme la gbidigbidi, eye nadza woƒe lãwo kple yi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite