Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 21:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Emegbe wotso le afima va vudo la gbɔ. Esia nye vudo, si ŋu Yehowa gblɔ le na Mose be: Ƒo dukɔ la nu ƒu, bena mana tsi wo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Tso afi sia la, Israelviwo zɔ mɔ yi Beer. Ŋkɔ sia gɔmee nye “Vudo.” Afi siae Yehowa gblɔ na Mose le be, “Ƒo ameawo nu ƒu, eye mana tsi wo.”

Gade chapit la Kopi




4 Mose 21:16
16 Referans Kwoze  

Tsɔ wò atikplɔ, eye mia kple nɔviwò Aron miaƒo ha la nu ƒu, eye naƒo nu kple agakpe la le woƒe ŋku me, ekema ana tsi. Ale nana tsi nado le agakpe la me, bena ha la kple woƒe lãwo nano.


Eye miadu tsi le xɔname ƒe vudowo me kple dzidzɔ


Eye Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la le gbɔgblɔm bena: Va! Eye amesi le esem la, negblɔ be: Va! Eye amesi tsikɔ le ewum la, neva; amesi lɔ̃ la, nèxɔ agbetsi la no faa.


Eye wòfia agbetsitɔsisia ɖe, si le dzo sim abe kristalo ene, hele dodom tso Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui me le eƒe ablɔ la titina lam.


Eye wògblɔ nam bena: Eva ve me! Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu. Amesi ke tsikɔ le ewum la, mana agbetsidzidzi la ƒe ɖee faa.


Gbemelãwo, amegãxiwo kple golowo akafum, elabena mena tsi ɖo gbe dzi, eye tɔsisiwo ɖo gbegbe, ne mana tsi nye dukɔ, nye ame tiatiawo, ne woano.


Tete Yotam si le nɔvia Abimelex nu yi Beer, eye, wònɔ afima.


Kpɔ ɖa, matsi tre ɖe ŋkuwò me ɖe Horeb-kpe la dzi, eye naƒo kpe la, ekema tsi ado atso me, be dukɔ la nano. Eye Mose wɔ nenema le Israel-me tsitsiawo ƒe ŋku me.


ke amesi ke lano tsi, si nye manae ƒe ɖe la, tsikɔ megale eya wu ge akpɔ o vaseɖe mavɔmavɔ me; elabena tsi, si nye manae la, latrɔ azu tsivudo le eme, esi anɔ dzidzim ayi ɖe agbe mavɔ me.


Yesu ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Ɖe nènya Mawu ƒe nunana la kple amesi nye amesi gblɔ na wò bena: Na ɖem mano la, ne wò boŋ àbiae, eye wòana agbetsi wò.


Dɔ kple tsikɔ mawu wo o, eye ŋdɔ kple ɣe maɖu wo o, elabena wo nuvela le wo kplɔm, eye woakplɔ wo ato tsidzidziwo ŋu.


Tete Mawu ʋu eƒe ŋkuwo, eye wòkpɔ tsivudoa ɖe. Enumake woyi ɖaku tsi ɖe lãgbalẽgolo la me taŋ, eye wòna ɖevia wono.


eye woho tso Dibon-Gad heva ƒu asaɖa anyi ɖe Almon-Diblatayim.


Elabena konyifaɣli kpe Moab ƒe liƒo ɖo, eƒe avifafa de Eglayim ke, eƒe avifafa de Beer-Elim ke!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite