Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 20:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Nukata gɔ̃ miekplɔ Yehowa ƒe ha la va gbe sia dzi, bena mia kple míaƒe lãwo miaku ɖe afisia?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Ɖe nèɖoe koŋ kplɔ Yehowa ƒe amewo va gbedzi le afi sia be míawo kple míaƒe lãhawo siaa natsrɔ̃!

Gade chapit la Kopi




4 Mose 20:4
13 Referans Kwoze  

Eye tsikɔ wu dukɔ la le afima. Eye dukɔ la ti Mose ŋu gblɔ bena: Nukaŋuti nèkplɔ mí tso Egipte, bena tsikɔ nawu mia ŋutɔwo, mía viwo kple míaƒe lãwo míaku mahã?


Mose sia, tsi gbe wogbe nu le gblɔ bena: „Amekae ɖo wò dziɖula kple ʋɔnudrɔ̃la la,“ eya Mawu do abe dziɖula kple ɖela ene to mawudɔla, si ɖe eɖokui fiae le ŋuvea me la ƒe asi dzi.


Woƒe ŋku dzo le Mawu, woƒe xɔnametɔ ta dzi, amesi wɔ nu gãwo le Egipte,


Mieɖo ŋku tɔmelã, siwo míeɖuna le Egipte dzodzro, kpakple adzamatre, aɖiba, agumetaku, sabala kple gbegãdziwo dzi.


eye Israel-viwo gblɔ na wo bena: Ɖe Yehowa na míeku le Egipte-nyigba dzi, afisi míebɔbɔ nɔ miaƒe lãzewo dome, eye míeɖua abolo ɖia ƒo la, ne nyo wu esi miekplɔ mí va gbe sia dzi, bena dɔ nawɔ ameha blibo sia woaku!


Eye wogblɔ na wo bena: Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu mi, eye wòakpɔ me na mi. Elabena miena miede asi ʋeʋẽ me ɖe Farao kple eŋuti mewo, gɔ̃ la miede yi asi na wo, be woatso awu mí.


Eye Israel-viwo katã li Mose kple Aron ŋu, eye ha blibo la gblɔ na wo bena: Oo, ɖe mieku le Egipte-nyigba dzi boŋ, ɖe mieku le gbe sia dzi boŋ la, ne nyo wu!


Elabena esi Israel tso Egipte, eye wòto gbedzi va Avaƒu la nu heva ɖo Kades la,


boŋ ɣleti ɖeka sɔŋ, vaseɖe esime wòado alo ŋɔti me na mi, eye woazu ŋunyɔnu na mi; elabena mieɖo vlo Yehowa, si le mia dome, eye miefa avi nɛ bena; Nukata gɔ̃ míedzo le Egipte ɖo?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite