Ke Nadab kple Abihu ku le Yehowa ŋku me, esime wotsɔ dzo bubu va Yehowa ŋku me le Sinai-gbedzi; ke viŋutsu mele wo si o, eye Eleazar kple Itamar zu nunɔlawo kpe ɖe wo fofo Aron ŋu.
Eye Mose gblɔ na Aron kple viaŋutsuawo Eleazar kple Itamar bena: Migakaka miaƒe ɖawo ɖe ta o, eye migadze miaƒe awuwo o, ne miagaku, eye wòado dɔmedzoe ɖe ha blibo la ŋu o. Ke mia nɔviwo, Israel ƒe aƒe blibo la, nafa dzo, si Yehowa tɔ nu la.