Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 2:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Israel-viwo naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga, si nye wo fofowo ƒe to ƒe dzesi la gbɔ; woaƒu asaɖa anyi aƒo xlã Mawu ƒe agbadɔ la godoo va kpe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 “Ele be agbadɔtuƒe, aflagati kple aflaga tɔxɛ nanɔ Israelviwo ƒe to ɖe sia ɖe si. Mawu ƒe Agbadɔ la nanɔ to vovovoawo ƒe agbadɔtuƒewo ƒe titina.”

Gade chapit la Kopi




4 Mose 2:2
23 Referans Kwoze  

Mina woawɔ nuwo katã, alesi dze ɖe eteƒeteƒe.


Elabena Mawu menye nyamanyamawɔwɔ ƒe Mawu o, ke ŋutifafa ƒe Mawu boŋ.


Ke mina mia kplii dome nadidi abɔklugui akpe eve, eye migate de eŋu wu o, ne mianya mɔ, si to ge miala, elabena mieto mɔ sia dzi kpɔ o.


Emegbe Dan-viwo ƒe asaɖa la ho kple woƒe aflaga hamehame, woawo nye aʋakɔwo katã ƒe megbexeawo, eye woƒe aʋakɔ ƒe tatɔ enye Axieser, Amisadai vi.


Eyome Efrayim-viwo ƒe asaɖa la ho kple woƒe aflaga hamehame; woƒe aʋakɔ la ƒe tatɔ enye Elisama, Amihud vi.


ke boŋ natsɔ nɔƒe, si me se la le, kple eŋu nuwo katã ade Lewitɔwo si. Woawo natsɔ nɔƒe la kple eŋu nuwo, eye woakpɔ wo dzi, eye woaƒu asaɖa anyi ɖe nɔƒe la ŋu godoo ava kpe.


eye melé ɖe ta ŋuti o, amesi gbɔ ŋutilã blibo la katã kpɔa kpekpeɖeŋuti tsonɛ, eye wobiae ɖeka to ƒunuɖeƒeewo kple kawo me, eye wotsina le tsitsi, si tsoa Mawu gbɔ la nu.


Ɖeko mizɔ, abe alesi wòdze na Kristo ƒe nyanyuie la ene, bena ne mava, eye makpɔ mi ɖa, alo ne nyemele mia gbɔ o, eye mase mia ŋkɔ la, bena miano tsitre le gbɔgbɔ ɖeka me, eye miatso luʋɔ ɖeka aʋli nyanyuie ƒe xɔse la ta hekpe ɖe mia nɔewo ŋuti;


Yehowa, woƒe Mawu, axɔ na eƒe dukɔ ɣemaɣi abe lãha ene; elabena woanɔ dzo sim le eƒe anyigba dzi abe kpe xɔasi le fiakuku ŋu ene.


Eye wògblɔ nam bena: Amevi, esia enye nye fiazikpui nɔƒe kple nye afɔƒome ɖoƒe, afisi manɔ le Israel-viwo dome tegbee, eye Israel ƒe aƒe la, woawo kple woƒe fiawo magatsɔ woƒe gbolowɔwɔ le woƒe nuxeƒewo kple woƒe fiawo ƒe kukuawo ado gu nye ŋkɔ kɔkɔe la azɔ o;


Mi xexea me nɔlawo katã kple anyigbadzitɔwo, ne wotu aflaga ɖe towo dzi la, miakpɔe, eye ne woku kpẽ la, miasee!


Zion-nɔla, kpɔ dzidzɔ, eye natso aseye, elabena Israel ƒe kɔkɔetɔ la tri akɔ le dowò me.


Amegbetɔwo ƒe dɔmedzoe anye kafukafu na wò, eye dɔmedzoe ƒe susɔea natsɔ abla ati dzii.


Eyome Ruben ƒe asaɖa la ho kple woƒe aflaga hamehame; woƒe aʋakɔ la ƒe tatɔ enye Elizur, Sedeur vi.


Yuda-viwo ƒe asaɖa la ho gbã kple woƒe aflaga hamehame, eye woƒe aʋakɔ la fe tatɔ enye Naheson, Aminadab vi.


Ruben-to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbã hamehame le dziehe gome. Ruben-viwo ƒe amegã nye Elizur, Sedeur vi,


Yuda-to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ hamehame le ɣedzeƒe gome. Yuda-viwo ƒe amegã nye Naheson, Aminadab vi,


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose kple Aron bena:


Eye Bileam fɔ kɔ dzi, kpɔ alesi Israel ƒu asaɖa anyi tototoe. Tete Mawu ƒe gbɔgbɔ va edzi,


Wò ketɔwo le xɔxlɔ̃m le wò takpeƒewo titina, eye woɖo woƒe dzesiwo, ne woanye dzesiwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite