Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 19:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ale Yehowa de se gblɔ enye si: Gblɔ na Israel-viwo be, wòalé nyinɔ dzẽ, si sɔ blibo, nu mewɔ afia ɖeke nɛ o, eye womede kɔkuti kɔ nɛ kpɔ o la, vɛ na wò.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 “Esiae nye se si Yehowa de. Migblɔ na Israelviwo be woatsɔ nyinɔ dzĩ si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o, eye womede kɔkuti kɔ nɛ kpɔ o la vɛ na mi.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 19:2
21 Referans Kwoze  

Eye du, si tsɔ ɖe ame kukua gbɔ la me ame tsitsiwo nana nyinɔvi ɖeka, si mewo ɖɔ kpɔ o, eye womede kɔkuti kɔ nɛ kpɔ o la.


ke boŋ kple Kristo ƒe ʋu xɔasi la abe alẽvi, si ŋu mokaka kple kpɔtsotso mele o la, ƒe ʋu ene,


Eyata mifɔ nuwo vɛ, ne miawɔ tasiaɖam yeye ɖeka, eye mikplɔ nyivinɔ eve, siwo womeku kɔkuti kɔ na wo kpɔ o la, kpe ɖe eŋu: mitsi nyinɔawo ɖe tasiaɖam la ŋu, eye milé wo viwo le wo ŋu va aƒee!


eye tso Yesu Kristo, amesi nye ɖaseɖila nyateƒetɔ kple ame kukuwo ƒe ŋgɔgbetɔ kple anyigba dzi fiawo ƒe dziɖula la gbɔ! Amesi lɔ̃a mí, eye wòtso eƒe ʋu klo míaƒe nuvɔ̃wo ɖa le mía ŋuti,


amesi mewɔ nuvɔ̃a ɖeke o, eye womekpɔ beble le eƒe nu me hã o;


nusiawo katã hekpe ɖe nuɖuɖuwo kple nunonowo kpakple tsilele bubu ƒomeviwo ŋuti la wonye ŋutilã me nuɖoanyiwo ɖeɖeko, siwo woɖo ɖi vaseɖe ɖɔɖɔɖoɣi la dzi.


Elabena nunɔlagã sia tɔgbe hiã míawo hã: Amesi nye kɔkɔetɔ, ame maɖifɔ, ame maƒoɖi, amesi ɖe eɖokui ɖa tso nuvɔ̃wɔlawo dome, eye wokɔe ɖe dzi wu dziƒowo,


Eye dɔla la ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò, eye dziƒoʋitɔ ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò, eyaŋuti nusi dzi ge nala la, woayɔe be kɔkɔe, Mawu viŋutsuvi.


Eƒe asi na nye vodadawo ƒe kɔkuti nu sẽ, eblae ɖe nye kɔʋume, eye wona ŋusẽ va le ŋunye. Aƒelɔ la tsɔm ɖe asi na amesiwo nu nyemate ŋu ana te ɖo o.


Yehowa be: Miva mídrɔ̃ nɔ nu! Ne miaƒe nuvɔ̃wo le abe nyagadzĩ ene la, woafu abe sno ene, eye ne wòbiã abe aɖabɛ ene la, woazu abe alẽfu ene.


Eye nunɔla Eleazar gblɔ na aʋawɔla, siwo de aʋa la bena: Ale Yehowa de se na Mose enye si:


Eye nunɔla natsɔ sederti, isop kple ka dze ade nyinɔ ƒe dzo la me.


Eye wòatsɔ xevi gbagbe la kple sederti, ka dzẽ kpakple isop la ato xeviʋu, si wotso ɖe tɔsisi me tsi ŋgɔ la me,


Lãtsui, si sa blibo, eye wòxɔ ƒe ɖeka la, mialé; mitiae le alẽwo alo gbɔ̃wo dome.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose kpakple Aron bena:


Nenye nyi wotso be, yeame numevɔsae la, ekema wòanye atsu, si so blibo, eye wòakplɔe ava Mawu ƒe agbadɔ la nu, be ame la nadze Yehowa ŋu.


Nenye alẽ alo gbɔ̃ wòbe, yeatsɔ amè numevɔsae la, ekema woatso atsu, si so blibo, asa vɔ lae.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite