Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 19:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye ŋutsu, si ŋu kɔ la, natsɔ isop ade tsi la me awu ɖe agbadɔ la, eme nuwo katã kple amesiwo katã de afima la ŋu; alea woawui ɖe amesi de asi ameƒu alo amesi wowu, ame kuku alo yɔdo ŋu la hã ŋui.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Ekema ame si ŋuti kɔ la, atsɔ kakle ƒe alɔdzewo ade tsi la me, eye wòahlẽ tsi la ɖe agbadɔ la kple ze kple gagbɛ siwo katã nɔ agbadɔ la me kple ame si ƒe agbadɔ la me nɔnɔ alo eƒe asikaka ameƒu alo ame kuku aɖe alo yɔdo aɖe ŋu na be eŋuti mekɔ o la ŋu.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 19:18
13 Referans Kwoze  

geɖe aleke wu Kristo, amesi to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu abe vɔsasa mokaka manɔŋutɔ ene la, ƒe ʋu maklɔ miaƒe dzitsinya tso dɔwɔwɔ kukuwo me, bena miasubɔ Mawu gbagbe la o mahã?


Eye ŋutsu, si gu ka la, nalɔ nyinɔ ƒe afi la ada ɖe teƒe kɔkɔea ɖe le asaɖa godo, eye wòadzrae ɖo na Israel-viwo ƒe ha la hena ameŋukɔtsi la, nuvɔ̃vɔsae wònye.


Ke eya ŋuta gbɔ wòtso miele Kristo Yesu me, amesi zu nunya kple dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye kpakple fexexeɖeta, si tso Mawu gbɔ la na mí,


Mewo ɖokuinye kɔkɔe ɖe wo ta, bena woawo hã woazu ame kɔkɔewo le nyateƒe la me.


Wɔ wo kɔkɔe le nyateƒe la me, wò nya la enye nyateƒe?


Kpɔ ɖa, voɖaɖa me wodzim ɖo, eye nuvɔ̃ me danye fɔ nye fu ɖo!


Elabena esime Mose gblɔ sedede sia sedede na dukɔ blibo la le sea nu la, etso nyiviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu hekpe ɖe tsi kple alẽfu dzi kple isop ŋu, eye wòwui ɖe agbalẽ la ŋutɔ kple dukɔ la katã ŋu


Eye woaku nuvɔ̃vɔsalã, si wotɔ dzoe la, ƒe afi akɔ tɔsisi me tsi ɖe dzi le zea ɖe me hena amesi ŋu mekɔ o la.


Amesi ŋu kɔ la, nawui ɖe amesi ŋu mekɔ o la ŋu le ŋkeke etɔ̃lia kple ŋkeke adrelia dzi, emegbe wòanyã eƒe avɔwo, eye wòalé tsi, ekema eŋu kɔ le fiẽ.


nenema wòana dukɔ geɖewo ƒe nu naku, eye fiawo ƒe nu ade ga le eta, elabena nusi womegblɔ na wo kpɔ o la, wokpɔ, eye nusi womese kpɔ o la, wodze sii.


Tsɔ akutsa klɔ nye nuvɔ̃ ɖa, ne ŋunye naɖi; le tsi nam, ne matu tititi wu ɖetifu!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite