Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 19:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eye woaku nuvɔ̃vɔsalã, si wotɔ dzoe la, ƒe afi akɔ tɔsisi me tsi ɖe dzi le zea ɖe me hena amesi ŋu mekɔ o la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 “Hena amea ŋuti kɔkɔ la, woatsɔ dzowɔ tso nyinɔ la ƒe numevɔsa ƒe dzowɔ me ade tsi dzidzi ƒe tsi me le tsiɖonu me.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 19:17
11 Referans Kwoze  

elabena alẽvi, si le fiazikpui la titina la, anyi wo, eye wòakplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔ, eye Mawu atutu aɖatsiwo katã ɖa le woƒe ŋkuwo me.


Amesi xɔa dzinye sena, abe alesi ŋɔŋlɔ la gblɔ ɖi ene bena: Agbetsitɔsisiwo le sisi ge atso eyama ƒe dɔ me.


Abɔ me tsidzidzi, tsi gbagbe vudo kple tɔʋu, si si tso Libanon dzi la nènye.


Eye ŋutsu, si gu ka la, nalɔ nyinɔ ƒe afi la ada ɖe teƒe kɔkɔea ɖe le asaɖa godo, eye wòadzrae ɖo na Israel-viwo ƒe ha la hena ameŋukɔtsi la, nuvɔ̃vɔsae wònye.


Eye Isak ƒe dɔlawo ɖe vudo ɖe bali la me, eye wotu tsi dzidzi le afima.


Elabena ne gbɔ̃tsuwo kple nyitsuwo ƒe ʋu kple nyinɔ ƒe afi, si wowu ɖe ame makɔmakɔwo ŋu la, kɔ wo ŋuti hena ŋutilã ƒe kɔkɔenyenye la,


Eye ŋutsu, si ŋu kɔ la, natsɔ isop ade tsi la me awu ɖe agbadɔ la, eme nuwo katã kple amesiwo katã de afima la ŋu; alea woawui ɖe amesi de asi ameƒu alo amesi wowu, ame kuku alo yɔdo ŋu la hã ŋui.


kpakple nusianu, si ate ŋu aɖe dzo me la, haha dzoe, ekema wo ŋu akɔ; gake ele be, woatsɔ ameŋukɔtsi aɖe nuvɔ̃ ɖa le wo ŋu. Ke woatsɔ tsi aklɔ nusiwo katã mate ŋu ade dzo me o lae.


Mahlẽ tsi dzadzɛ ɖe mia ŋu, ne miaƒe nu makɔmakɔwo katã naɖi le mia ŋu, eye maklɔ miaƒe legbawo katã da le mia ŋu.


Le ɣemaɣl la vuɖo aʋu na Dawid ƒe aƒe la kple Yerusalemtɔwo ɖe nuvɔ̃ kple makɔmakɔnyenye ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite