Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 19:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ne amea ɖe de asi amesi wowu kple yi alo ame kuku, ameƒu alo yɔdo ŋu le gbe me la, eŋu mekɔ o ŋkeke adre.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 “Ne ame aɖe le gbedzi, eye wòka asi ame si wowu le aʋa me alo ame si ku le mɔ bubu aɖe nu ƒe kukua ŋuti alo ka asi ame kuku aɖe ƒe ƒu alo yɔdo ŋu la, eŋuti mekɔ o ŋkeke adre.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 19:16
12 Referans Kwoze  

Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo; elabena mieɖi yɔdo, siwo ŋuti wòsi akalo ɖo, eye wole dzedzem nyuie la, ke wo me yɔ fũ kple ame kukuwo ƒe ƒuwo kpakple ɖiƒoƒo katã.


Ke miawo mitsi asaɖa godo ŋkeke adre sɔŋ, eye amesiwo wu ame kple amesiwo ka asi ame tsiaʋawo ŋu la, naɖe nuvɔ̃ ɖa le wo ɖokui kple amesiwo wòlé la ŋu, le ŋkeke etɔ̃lia kple ŋkeke adrelia dzi.


Baba na mi! Elabena miele abe yɔdo, siwo mele dzedzem o ene, eye amesiwo le wo dzi zɔm la, womenyɛ o.


Ne amea ɖe de asi ame kuku ŋu la, eŋu mekɔ o ŋkeke adre.


Nusianu, si le nuvo, eye wometu nu enu o la, ŋu mekɔ o.


Midzo, midzo, miʋu tso afima! Migaka asi nu makɔmakɔa ɖeke ŋu o! Miʋu tso wo dome; mi Yehowa ƒe nutsɔlawo, mikɔ mia ɖokui ŋu!


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na Aron viŋutsu, siwo nye nunɔlawo la bena: Nunɔlaa ɖeke megagblẽ kɔ ɖo na eɖokui ɖe ame kuku ŋu le eƒe dukɔ la dome o;


De se na Israel-viwo be, woaɖe anyidzelawo, afuɖɔlawo kple amesiwo gblẽ kɔ ɖo le ame kuku ŋu la ɖa le asaɖa la me.


Made ame kuku gbɔ le ŋkeke, siwo katã me wòkɔ eɖokui ŋu na Yehowa la me o.


Ke ŋutsua ɖewo gblẽ kɔ ɖo ɖe ame kukuwo ŋu, eye womete ŋu ɖu ŋutitotoŋkekenyuie la gbemagbe o. Ŋutsu siawo va Mose kple Aron gbɔ le ŋkeke ma dzi,


Ne eŋu kɔ la, woaxlẽ ŋkeke adre nɛ,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite