Nunɔla la nade se bena, woatɔ nuwo le xɔa me, hafi nunɔla la nava kpɔ nua ɖa, bena nusiwo katã le xɔa me la, magazu nu makɔmakɔwo o. Emegbe hafi nunɔla nayi akpɔ xɔ la ɖa.
Nusianu, si dzi woƒe kukua ge dze la, ŋu mekɔ o, eɖanye atinuwo, avɔ, lãgbalẽ, kotoku alo nusianu, si ŋu dɔ wowɔna o, ele be, woade wo tsi me, eye wo ŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ; emegbe hafi wo ŋu agakɔ.