Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 18:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye miawo miawo do, siwo le kɔkɔeƒe la kple vɔsamlekpuia ŋuti, bena dɔmedzoe magava Israel-viwo dzi o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 “Ɖo ŋku edzi be, nunɔlawo koe awɔ dɔ kɔkɔewo le kɔkɔeƒe la kple vɔsamlekpui la dzi. Ne miewɔ se siawo dzi la, Mawu ƒe dɔmedzoe magabi ɖe Israelviwo dometɔ aɖeke ŋu le se siawo dzi dada ta gbeɖegbeɖe o.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 18:5
25 Referans Kwoze  

le Mawu ƒe agbadɔ la me, le xɔmetsovɔ, si xe nubablaɖaka ŋku me la ŋgɔ, eye Aron kple viaŋutsuwo nadzrae ɖo, bena wòanɔ bibim le Yehowa ƒe ŋku me tso fiẽ vaseɖe ŋdi. Esia anye ɖoɖo na Israel-viwo kple woƒe dzidzimeviwo tegbee.


Eye Aron nadzrae ɖo le Mawu ƒe agbadɔ la me, le xɔmetsovɔ, si xe nubablaɖaka ŋku me la ŋgɔ, bena woano bibim ɖaa tso fiẽ vaseɖe ŋdi le Yehowa ŋku me; ɖoɖo mava wòanye na miaƒe dzidzimeviwo.


Oo, Timoteo! Dzra nusi wode asi na wò la ɖo; gbe dzeɖoɖo ƒuƒlu makɔmakɔwo kple aʋatsosidzedze ƒe nudadafiafia,


Mele atam kam na wò le Mawu kple Kristo Yesu kpakple mawudɔla tiatiawo ŋku me bena, nalé nusiawo me de asi, eye amea ɖewo ƒe nu naganyo ŋuwò awu amea ɖewo o, eye megawɔ naneke alé go ɖeka me awu bubu o.


ke ne metsi anyi la, ne nanya alesi dze wò be, nazɔ le Mawu ƒe aƒe, si nye Mawu gbagbe ƒe hame kple nyateƒe ƒe sɔti kple gɔmeɖoɖoanyi sesĩ la me.


Mele sedede sia dem asi na wò, vinye Timoteo, le nyagbɔgblɔɖeanyi, siwo dze ŋgɔ na wò la nu, bene nawɔ aʋa nyui le wo nu,


Nye dɔmedzoe bi ɖe lãkplɔviwo ŋu, eye mahe to na gbɔ̃tsuwo elabena Yehowa Zebaot ava kpɔ Yuda ƒe aƒe, si nye eƒe lãha la ɖa, eye wòatsɔ wo awɔ eƒe sɔ, si woɖo atsyɔ̃ na le aʋa me.


Eyata ale Yehowa Zebaot gblɔ ɖe nyagblɔɖilawo ŋu enye si: Kpɔ ɖa, mana atsa wo woaɖu, eye makpe aɖitsi na wo woano; elabena nyagblɔɖila, siwo le Yerusalem, gbɔ nu tovo wɔwɔ yi ɖe anyigba blibo la dzi.


Edzidze nu hafi ma woa kple eve la, elabena woawoe nye kɔkɔeƒe la nu amegãwo kple Mawu ƒe amegãwo tso Eleazar viwo kple Itamar viwo dome.


Amesiawo nye hadzilawo, siwo nye Lewi-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo, amesiwo mewɔa da bubua ɖeke le woƒe aƒewo me o, elabena do le wo si ŋkeke kple zã.


Woawo kple wo viwo dzɔ Yehowa ƒe aƒe ƒe agbo kple agbadɔ la ƒe xɔa nu.


Salum, Kore vi, amesi nye Ebyasaf vi, amesi nye Korax vi, kple nɔvia, siwo tso eƒe aƒekɔ la me; wotsɔ do la de asi na Korax viwo, be woadzo agbadɔ la ƒe kpui nu, abe alesi wo fofowo nye mɔnudzɔlawo le Yehowa ƒe asaɖa la me ene.


Meɖe Lewitɔwo le Israel-viwo dome na Aron kple viaŋutsuawo, bena woawɔ subɔsubɔdɔ ɖe Israel-viwo nu le Mawu ƒe agbadɔ la me; eye woalé avu na Israel-viwo, bena Israel-viwo magate ɖe kɔkɔeƒe la ŋu, eye do vɔ̃ɖi naɖo wo dome o.


Ƒo nu kple Aron, eye nagblɔ nɛ bena: Ne èɖo akaɖigbɛawo ati dzi la, ekema akaɖigbɛ adreawo nabi aɖo ta ŋgɔ.


Eye Mose gblɔ na Aron kple viaŋutsuawo Eleazar kple Itamar bena: Migakaka miaƒe ɖawo ɖe ta o, eye migadze miaƒe awuwo o, ne miagaku, eye wòado dɔmedzoe ɖe ha blibo la ŋu o. Ke mia nɔviwo, Israel ƒe aƒe blibo la, nafa dzo, si Yehowa tɔ nu la.


ke Lewitɔwo naƒu asaɖa anyi ɖe nɔƒe, si me se la le, ŋuti godoo ava kpe, bena dɔmedzoe magabi ɖe Israel-viwo ƒe ha la ŋu o. Eyata Lewitɔwo nalé ŋku ɖe nɔƒe, si me sea le la, ŋuti ɖoɖoawo ŋu.


Woanɔ ŋuwò awɔ dɔ, siwo katã le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu, ke ame tutɔa ɖeke mate va mia gbɔ o.


Woawo neyi nye kɔkɔeƒe la, eye woate de nye kplɔ ŋu, ne woasubɔm, eye woawɔ nye subɔsubɔdɔwo.


ke boŋ natsɔ nɔƒe, si me se la le, kple eŋu nuwo katã ade Lewitɔwo si. Woawo natsɔ nɔƒe la kple eŋu nuwo, eye woakpɔ wo dzi, eye woaƒu asaɖa anyi ɖe nɔƒe la ŋu godoo ava kpe.


Migana Kehat viwo natsrɔ̃ ɖa le Lewitɔwo dome o;


Amesiawo nye Lewi-viwo le woƒe aƒekɔwo nu; woa wo nye aƒekɔwo nu tatɔwo, siwo wotia xlẽ le ame ɖekaɖekawo ŋkɔwo ƒe xexlẽme nu, amesiwo xa ƒe blave kple edzivɔwo, ne woawo Yehowa ƒe aƒe la ŋu dɔwo.


ne woawo Mawu ƒe agbadɔ la ŋu dɔwo, kɔkɔeƒe la ŋu dɔwo kple wo nɔvi Aron viwo ƒe dɔwo, eye woasubɔ le Yehowa ƒe aƒe la me.


Ke nunɔla, siwo nye Lewi-viwo, amesiwo tso Zadok-viwo dome, eye wosubɔ le nye kɔkɔeƒe la me, esime Israel-viwo trɔ le yonyeme la, woawo nete ɖe ŋunye, ne woasubɔm, eye woatsi tre ɖe ŋkunye me, ne woatsɔ ami kple ʋu asa vɔ̃e nam, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite