elabena metsɔ Israel-viwo ƒe nuwo ƒe ewoliawo ɖeka, siwo wotsɔ na Yehowa la, na Lewitɔwo abe domenyinu ene; eyata megblɔ na wo be, domenyinu manɔ wo si le Israel-viwo dome o.
Gblɔ na Lewitɔwo be: Ne miexɔ nuwo ƒe ewoliawo ɖeka, si mexɔ le Israel-viwo si na mi, be wòanye miaƒe domenyinu le wo si la, ekema miɖe ewoliawo ɖeka le eŋu na Yehowa