Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 18:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 boŋ Lewitɔwo nawɔ dɔ le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu, eye woaxɔ woƒe vodadawo atsɔ; ɖoɖo mavɔ wòanye na miaƒe dzidzimeviwo. Ke domenyinu manɔ wo si le Israel-viwo dome o,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Levi ƒe viwo koe awɔ dɔ le agbadɔ la ŋu. Woaɖi fɔ ne wogbe dɔ wɔwɔ le afi ma. Esia nye se na mi tegbetegbe be nunɔamesi aɖeke manɔ Levi ƒe vi aɖeke si le Israelnyigba dzi o,

Gade chapit la Kopi




4 Mose 18:23
10 Referans Kwoze  

Eye woawɔ do, si le eya ŋutɔ kple ha blibo la ŋu, le Mawu ƒe agbadɔ la nu; woawoe awɔ dɔ, si le nɔƒe la ŋu.


Eye Yehowa gblɔ na Aron bena: Naneke manye tɔwo le woƒe anyigba dzi o, eye makpɔ gomea ɖeka le wo dome o, elabena nyee nye wò gome kple wò domenyinu le Israel-viwo dome:


Eye Yehowa gblɔ na Aron bena: Nu kɔkɔeawo ŋu vodada anɔ mia kple viwòŋutsuwo kpakple fofowò ƒe to la dzi, eye nunɔladɔ la ŋu vodada anɔ mia kple viwòŋutsuwo dzi.


le Mawu ƒe agbadɔ la me, le xɔmetsovɔ, si xe nubablaɖaka ŋku me la ŋgɔ, eye Aron kple viaŋutsuwo nadzrae ɖo, bena wòanɔ bibim le Yehowa ƒe ŋku me tso fiẽ vaseɖe ŋdi. Esia anye ɖoɖo na Israel-viwo kple woƒe dzidzimeviwo tegbee.


Eye wotia ŋutsu, siwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la xlẽ, wole ame akpe blave vɔ etɔ̃. Ke wometia wo xlẽ ɖe Israel-viwo dome o, elabena womèna domenyinua ɖeke wo le Israel-viwo dome o.


ke boŋ Lewi-vi, siwo trɔ le yonyeme, esime Israel tra mɔ, eye wòdzo le gbɔnye hedze legbawo yome la ƒe vodadawo anɔ wo dzi;


Ɖoɖo mavɔ wòanye na mi. Amesi wu ameŋukɔtsia la, nanyã eƒe avɔwo, eye ne amea ɖe de asi ameŋukɔtsia ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Esia nanye ɖoɖo na miaƒe dzidzimeviwo le mia nɔƒewo katã.


Eyata Lewi mexɔ gome kple domenyinu ɖeke kpe ɖe nɔviawo ŋu o, elabena Yehowa ŋutɔe nye eƒe domenyinu, abe alesi Yehowa, wò Mawu, do ŋugbe nɛ ene.


Negbe Lewi-to la ko metsɔ anyigba ɖeke na o, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ƒe dzovɔsa nye eƒe domenyinu, abe alesi wògblɔ nɛ ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite