Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 18:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Na nɔviwowo, amesiwo tso fofowò Lewi ƒe toa me la, nava kpli wò, eye woanɔ ŋuwò awɔ subɔsubɔdɔ, ne mia kple viwòŋutsuawo miele agbadɔ, si me sea le la ŋgɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Kplɔ nɔviwò, Levi ƒe viwo, tso Levi ƒe to la me vɛ be woakpe ɖe ŋuwò, ne wò kple viwò ŋutsuwo miele subɔsubɔm le agbadɔ la ŋgɔ.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 18:2
16 Referans Kwoze  

Emegbe wògafɔ fu dzi ŋutsuvi, eye wògblɔ bena: Azɔ ko srɔ̃nye aku ɖe ŋunye, elabena medzi ŋutsuvi etɔ nɛ. Eyata wòna ŋkɔe be Lewi.


Ke nunɔla, siwo nye Lewi-viwo, amesiwo tso Zadok-viwo dome, eye wosubɔ le nye kɔkɔeƒe la me, esime Israel-viwo trɔ le yonyeme la, woawo nete ɖe ŋunye, ne woasubɔm, eye woatsi tre ɖe ŋkunye me, ne woatsɔ ami kple ʋu asa vɔ̃e nam, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Wotsi tre ɖe wo nɔƒe le ɖoɖo la nu, abe alesi Mawu ƒe ame Mose de se ene. Lewi-viwo lé lãʋua ɖe asi, eye nunɔlawo hlẽe.


Woanɔ ŋuwò awɔ dɔ, siwo katã le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu, ke ame tutɔa ɖeke mate va mia gbɔ o.


Esi ha blibo la kpe ta ɖe Mose kple Aron ŋu la, woawo trɔ ɖo ta Mawu ƒe agbadɔ la gbɔ, eve kpɔ ɖa, alilikpo tsyɔ edzi, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia.


Emegbe Lewitɔwo yi, bena woawo dɔ le Mawu ƒe agbadɔ la me le Aron kple viaŋutsuawo ŋku me. Alesi Yehowa de se na Mose le Lewitɔwo ŋu la, nenema wòwɔ na wo.


Meɖe Lewitɔwo le Israel-viwo dome na Aron kple viaŋutsuawo, bena woawɔ subɔsubɔdɔ ɖe Israel-viwo nu le Mawu ƒe agbadɔ la me; eye woalé avu na Israel-viwo, bena Israel-viwo magate ɖe kɔkɔeƒe la ŋu, eye do vɔ̃ɖi naɖo wo dome o.


Ne Aron kple viaŋutsuwo bia nu ɖe nu kɔkɔeawo kple wo ŋu nuawo katã ŋu va, eye ameha la le hoho ge la, eya ko hafi Kehat viwo nava atsɔ wo, bena womagaka asi nu kɔkɔeawo ŋu ahaku o. Esiawo nye Mawu ƒe agbadɔ la ŋu nusiwo Kehat-viwo natsɔ.


Ke esi wodzra nusiawo ɖo alea vɔ la, nunɔlawo nɔa agbadɔ ŋgɔgbetɔ me yim ɖaa ɖawɔa mawusubɔsubɔ.


ke Lewitɔwo naƒu asaɖa anyi ɖe nɔƒe, si me se la le, ŋuti godoo ava kpe, bena dɔmedzoe magabi ɖe Israel-viwo ƒe ha la ŋu o. Eyata Lewitɔwo nalé ŋku ɖe nɔƒe, si me sea le la, ŋuti ɖoɖoawo ŋu.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


eye woanye aƒe la ƒe agbonudzɔlawo le nye kɔkɔeƒe la, eye woasubɔ le aƒe la me; Woawu numevɔsalã kple akpedavɔsalã na dukɔ la, eye woatsi tre ɖe wo gbɔ asubɔ wo.


Eye miadze sii be, nyee ɖo se siawo ɖe mi, ne wòanye nu, si mebla kple Lewi, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite