14 Nusianu, si Israel-viwo tsɔ ɖe adzɔgbe ɖika la, nanye tɔwo!
14 “Nu sia nu si le Israel, si ŋu wokɔ, ɖe ɖe aga na Yehowa la nye tɔwò.
Ke ne amea ɖe ko eƒe nua ɖe ŋu hetsɔ ɖe adzɔgbe na Yehowa ɖikaa, eɖanye ame, lã alo agble, si wotso nyi domee o la, womadzrae o, eye womaxɔe kple ga hã o, elabena nusianu, si wotsɔ ɖe adzɔgbe ɖikaa la, nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye na Yehowa.
Woaɖu nuɖuvɔsa, nuvɔ̃vɔsa kple fɔɖivɔsa, eye nusiwo katã wodo busui le Israel la, nanye wo tɔ.
Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:
ke ne agble la ŋu vo le aseyetsoƒe dzi la, ekem tɔ megale enu o, eŋu kɔ na Yehowa, eye woazu nunɔla ƒe domenyinu.