Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 18:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Woƒe anyigbadzinu gbãtɔwo katã dometɔ, siwo woatsɔ vɛ na Yehowa la, nye tɔwo; amesiame, si ŋu kɔ le aƒewò me la, kpɔ mɔ aɖui.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 kple nuɖuɖu ɖe sia ɖe ene la hã nye mia tɔ. Miaƒe ƒometɔwo aɖu esiawo negbe ɖeko wo ŋuti mekɔ le ɣe ma ɣi me o.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 18:13
13 Referans Kwoze  

Nenema ke nawɔ wò nyiwo kple alẽwo hãe; ŋkeke adre wòanɔ dada gbɔ, eye le ŋkeke enyilia dzi natsɔe nam.


Baba nam! Elabena ezu nam, abe alesi kutsetsegbeɣi kple weiuxaɣl nu yinae ene: weintsetsea ɖeke meli, ne woaɖu o, eye nye ve me le fiefiẽm ɖe kutsetse ŋgɔgbea ŋu.


Mefɔ Israel le gbegbe abe weintsetse ene, eye mekpɔ mia fofowo abe gbotsetse ŋgɔgbea ene; ke esi wova Baal-Peor la, wotsɔ wo ɖokui na ŋukpenamawu la, eye wozu ŋunyɔnu, abe nusi ŋu woku ɖo la ke ene.


Gbotsetse nyui, siwo le abe gbotsetse ŋgɔgbeawo ene la, le kusi ɖeka me, eye gbotsetse gbegblẽwo le kusi evelia me, esiwo gblẽ, ale be womelé ɖuɖu me o.


Tsɔ wò agblemenu gbãtɔ, siwo ʋã la, va Yehowa, wò Mawu la, ƒe me. Megaɖa gbɔ̃vi le dada ƒe notsi me o.


Wò agblemenu gbãfa, siwo nèƒã la, natso ava Yehowa, wò Mawu ƒe me. Megaɖa gbɔ̃vi le dada ƒe notsi me o.


ekema tso wò agblemenu ɖesiaɖe ƒe ŋgɔgbea, si nèkpɔ le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi la, ade kusi me, atso yi teƒe, si Yehowa, wò Mawu, le tiatia ge, be yeƒe ŋkɔ nana,


Miaƒe agblemenu gbãtɔwo katã ƒe nyuitɔwo kple miaƒe adzɔwo katã ƒe adzɔ enye nunɔlawo to, mitso miaƒe amɔwɔ ŋgɔgbeawo na nunɔlawo, ne yayra nanɔ aƒewò me.


Ne ɣe ɖo to la, ekema eŋu kɔ, emegbe ekpɔ mɔ aɖu nunana kɔkɔe la, elabena eƒe nuɖuɖu wònye.


Mitsɔ wɔ memee efa ƒe mamã ewoliawo eve ƒe abolo ʋaʋã eve atsɔ tso mia nɔƒewo katã vɛ, woanye nu gbãtɔwo na Yehowa, be woanyèe.


Natsɔ wò agblemenu, wò wein kple wò ami ŋgɔgbeawo kpakple wò alẽfu, si nètre koko la, ana wo.


Eye ŋutsua ɖe tso Baal-Salisa tsɔ lubolo blave, siwo nye nuku gbãtɔwo ƒe abolo kple bli tɔtɔe ɖe kotoku me ve na Mawu ƒe ame la; ke eya gblɔ be, wòatsɔe na ameawo, ne woaɖu.


Esi nya sia ɖi wose la, Israel-viwo na bli, wein, ami kple anyitsi kpakple agblemenuwo katã ƒe ŋgɔgbetɔwo, wona nuwo katã ƒe ewoliawo taŋtaŋ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite