Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 18:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 bena woanyè la, na wò, wò ŋutɔ, viwòŋutsuwo kple viwònyɔnuwo tɔ woanye; amesiame, si ŋu ko le aƒewò me la kpɔ mɔ aɖui, ɖoɖo mavɔ wòanye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 “Nunana bubuawo katã si Israelviwo anam to wo nyenye le vɔsamlekpui la ŋgɔ me la nye wò kple wò ƒometɔwo, viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo siaa tɔ. Wò ƒometɔwo katã aɖu nu siawo negbe wo dometɔ si ŋu mekɔ le ɣe ma ɣi me o la ko.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 18:11
10 Referans Kwoze  

Nunɔlawo ƒe adzɔ enye si: Ne dukɔ la tsɔ nyi alo alẽ sa akpedavɔ la, ekema woatsɔ abɔ kple glã kpakple dɔgbo na nunɔlawo.


Ke wò ŋuta, viwòŋutsuwo kple viwònyɔnuwo miaɖu lã la ƒe akɔ, si wonye kple ata, si nye adzɔ la, le teƒe dzadzɛ la, elabena wò ŋutɔ kple viwòŋutsuawo ƒe gome wònye tso Israel-viwo ƒe akpedavɔsawo me.


Eye Yehowa gblɔ na Aron bena: Kpɔ ɖa, metsɔ adzɔ, siwo woɖena le Israel-viwo ƒe nunana kɔkɔewo katã ŋu la, na wò, wò ŋutɔ kple viwòŋutsuwo ƒe gome wònye, ɖoɖo mava wòanye.


Eye wòadzɔ eƒe nunanawo tatata na Yehowa; esia nanye nunɔla, si hlẽa akpedavɔsalã ƒe ʋu la tɔ.


Eye Yehowa gblɔ na Aron bena: Nu kɔkɔeawo ŋu vodada anɔ mia kple viwòŋutsuwo kpakple fofowò ƒe to la dzi, eye nunɔladɔ la ŋu vodada anɔ mia kple viwòŋutsuwo dzi.


Teƒe kɔkɔetɔ naɖui le, ŋutsu sia ŋutsu kpɔ mɔ aɖui; nu kɔkɔe wòanye na wò. Metsɔ nunana bubu, siwo katã Israel-viwo ana,


Metsɔ adzɔ, siwo katã woɖena le Israel-viwo ƒe nunana kɔkɔe, siwo wona Yehowa, ŋu la na mia kple viwòŋutsuwo kple viwònyɔnuwo; ɖoɖo mavɔ wòanye. Dzenubabla wònye le Yehowa ŋku me tegbee na mia kple wò dzidzimeviwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite