Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 17:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye esi Mose kple Aron wova Mawu ƒe agbadɔ la ŋgɔ la,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Esi ŋu ke wòyi la, ekpɔ be Aron ƒe atikplɔ si nye Levi ƒe to la tɔ la dze, eye seƒoƒowo de asi keke me le eŋu!

Gade chapit la Kopi




4 Mose 17:8
13 Referans Kwoze  

Eye gbemetiwo katã adze sii be, nye Yehowa ye bɔbɔ ati kɔkɔ la ɖe anyi, eye mekɔ ati tehee la ɖe dzi; nyee na ati mumu la ku, eye ati kuku la dze, nye Yehowa ye ƒo nu, eye mewɔe hã.


hena ŋkuɖoɖodzi na Israel-viwo, bena ame tutɔa ɖeke, amesi metso Aron ƒe dzidzimeviwo dome o la, magate va, be yeatɔ dzo dzudzɔdonu le Yehowa ŋku me, eye wòava me nɛ abe Korax kple eƒe ha la ene o; abe alesi Yehowa de se nɛ to Mose dzi ene.


Gbemagbe la Yehowa ƒe atidzedze anye atsyɔ̃ kple bubu, eye anyigba ƒe kutsetse anye adegbeƒoƒo, ɖekadzenu na Israel ƒe ame susɔeawo.


Eye dzo do tso eƒe alɔwo ƒe zekpẽ me hefiã eƒe tsetsewo, eye alɔ gãa ɖeke megale eŋu ahanye dziɖula ƒe fiatikplɔ o. Konyifaha wònye, eye wòzu konyifaha.


Yehowa ado wò ŋusẽ ƒe fiatikplɔ da tso Zion be: Ɖu fia le wo futɔwo titina!


Alɔ etɔ̃ le weinka sia ŋu, eye esi wode asi dzedze me la, seƒoƒo ɖo wo dzi, eye woƒe tsetsewo de asi ɖiɖi me.


esi me sikadzudzɔmlekpui kple nubablaɖaka, si ŋu wofa sika ɖo kpe ɖo la le, eye eya me sikaze, si me mana le kple Aron ƒe atikplɔ, si ƒo se, kple nubabla ƒe nuŋlɔkpeawo le.


wohoe ƒu anyi le dziku me, eye ɣedzeƒeya no tsi le eƒe tsetsewo me; woŋe eƒe alo gã la, eye wòƒu wotɔ dzoe.


Alesi atɔlɔŋutiti le avemetiwo domee la, nenema nye lɔlɔ̃tɔ le ɖekakpuiwo domee. Melɔ̃a eƒe vɔvɔli te nɔnɔ, eye eƒe kutsetsewo vivina le nye nu me.


Eye wogblɔ na Korax kple eƒe ha blibo la bena: Etsɔ la Yehowa aɖe amesi nye etɔ, amesi le kɔkɔe, be wòate ɖe eŋu kple amesi wòaha, be woate ɖe eŋu la, afia.


Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite