Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 17:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Esi ha blibo la kpe ta ɖe Mose kple Aron ŋu la, woawo trɔ ɖo ta Mawu ƒe agbadɔ la gbɔ, eve kpɔ ɖa, alilikpo tsyɔ edzi, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Mose tsɔ atikplɔawo da ɖe Yehowa ŋkume le agbadɔ la ƒe xɔ emetɔ me.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 17:7
9 Referans Kwoze  

Ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ la nɔ mía fofowo dome le gbeadzi, abe alesi amesi ƒo nu kple Mose la ɖo, bena wòawɔe le nɔnɔme, si wòkpɔ la nu ene.


Esia enye nɔƒe la, si sea le la, ƒe home, si nunɔla Aron viŋutsu Itamar bu na Lewitɔwo le Mose ƒe nya la nu.


Na nɔviwowo, amesiwo tso fofowò Lewi ƒe toa me la, nava kpli wò, eye woanɔ ŋuwò awɔ subɔsubɔdɔ, ne mia kple viwòŋutsuawo miele agbadɔ, si me sea le la ŋgɔ.


ke boŋ natsɔ nɔƒe, si me se la le, kple eŋu nuwo katã ade Lewitɔwo si. Woawo natsɔ nɔƒe la kple eŋu nuwo, eye woakpɔ wo dzi, eye woaƒu asaɖa anyi ɖe nɔƒe la ŋu godoo ava kpe.


ke Lewitɔwo naƒu asaɖa anyi ɖe nɔƒe, si me se la le, ŋuti godoo ava kpe, bena dɔmedzoe magabi ɖe Israel-viwo ƒe ha la ŋu o. Eyata Lewitɔwo nalé ŋku ɖe nɔƒe, si me sea le la, ŋuti ɖoɖoawo ŋu.


Gbesigbe wotu nɔƒea la, alilikpo va tsyɔ agbadɔ, si me sea le la dzi, eye wòdzena le nɔƒe la dzi le fiẽ abe dzo ene vaseɖe ŋdi.


Tete nunɔla Eleazar fɔ akɔbli-dzudzɔdosonu, siwo amesiwo dzo fiã tsɔ vɛ la, eye woƒo wo gbadzaa tsɔ fa ɖe vɔsamlekpui la ŋu,


Ke esi ŋu ke la, Israel ƒe ha blibo la lì Mose kple Aron ŋu gblɔ bena: Miawoe wu Yehowa ƒe dukɔ la.


Ke ha blibo la be, yewoaƒu kpe wo woaku, tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe do ɖe Mawu ƒe agbadɔ la gbɔ le Israel-viwo katã ŋku me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite