Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 17:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye esi wotsi tre ɖe ame kukuawo kple agbagbeawo dome la, dɔvɔ̃ la nu tso.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Ame sia ame si ate ɖe Yehowa ƒe agbadɔ la ŋu la, aku. Ɖe mí katã míele kuku gea?”

Gade chapit la Kopi




4 Mose 17:13
21 Referans Kwoze  

Ke azɔ la miele Kristo Yesu me, mi amesiwo le adzɔge ʋĩ tsã la, miete va le Kristo ƒe ʋu la me.


Ke esi Anania se nya siawo la, edze anyi, eye eƒe agbe nu tso. Eye vɔvɔ̃ gã dze amesiwo katã se nusiawo la dzi.


Eyata miganɔ fewu ɖum, ne miaƒe babla nadzi goŋgoŋ o; elabena wotsrɔ̃ kple tameɖoɖo kplikpaa mese tso Aƒetɔ, Yehowa Zebaot gbɔ ɖe anyigba blibo la ŋu.


Elabena wò dɔmedzoe na mía nu yi, eye wò dziku ɖe mi ɖa kple ŋɔdzi.


Elabena esi mieno eteƒe gbemagbe o la, eyata Yehowa, mía Mawu, ɖe ame le mía dome, elabena míebia gbee se, abe alesi dze ene o.


Esi aʋawɔlawo katã ku le dukɔa dome vɔ la,


Eye Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu, eye wòna wotsa le gbedzi ƒe blane sɔŋ, vaseɖe esime ƒome, siwo katã wɔ nuvɔ̃ le Yehowa ŋku me la, tsrɔ̃ keŋkeŋ.


Eye wògblɔ na ha la bena: Mite ɖa le ame mavɔ̃mawu siawo ƒe agbadɔwo gbɔ, eye migaka asi woƒe nua ɖeke ŋu, bena miawo hã míagatsrɔ̃ le woƒe nuvɔ̃wo ta o.


ke Mawu gblɔ le ati, si le abɔa titina la ƒe tsetse ŋuti bena: Migaɖu eƒe ɖeke o, eye migaka asi eŋu hã o, be miagaku o!


Eye Yehowa gblɔ na Aron bena: Nu kɔkɔeawo ŋu vodada anɔ mia kple viwòŋutsuwo kpakple fofowò ƒe to la dzi, eye nunɔladɔ la ŋu vodada anɔ mia kple viwòŋutsuwo dzi.


heti Israel-ŋutsu la yome yi xogã me, eye wòƒo nu ɖe Israel-ŋutsu la kple nyɔnu la siaa ƒe dome floi. Tete dɔvɔ̃ la nu tso le Israel-viwo dome.


Tete Dawid ɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe afima, eye wosa numevɔ kple akpedavɔ. Eye Yehowa se gbe, si wòdo ɖa ɖe anyigba la ta, eye dɔvɔ̃ la nu tso le Israel.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite