Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 17:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye Aron tsɔe, abe alesi Mose gblɔ ene, hoƒu ɖu yi ɖe takpekpe la me, eye kpɔ ɖa, dɔvɔ̃ dze gɔme le dukɔ la dome, eye wotsɔ dzudzɔdonu hele avu na wo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Israelviwo gblɔ na Mose be, “Míaku! Míebu, mí katã míebu!

Gade chapit la Kopi




4 Mose 17:12
8 Referans Kwoze  

eye mieŋlɔ nuxɔxlɔ̃, si ƒoa nu na mi abe viwo ene la be, eyae nye be: „Vinye, megado vlo Aƒetɔ ƒe tohehe o, eye dzi nagaɖe le ƒowò, ne eka ŋku me na wò o;


Elabena nyemanɔ dzre hem godogodo o, eye nyemanɔ dɔmedzoe dom ɖaa o; elabena nu ava te gbɔgbɔ ŋu le ŋkunye me kple luʋɔ, siwo mewɔ la ŋu.


Tete megblɔ be: Alele, evɔ nam! Elabena ame miyi makɔmakɔtɔ menye, eye mele dukɔ, si ƒe nuyi mekɔ o la dome, elabena nye ŋkuwo kpɔ fia Yehowa Zebaot.


Amegbetɔ ƒe bometsitsie nana eƒe mɔ glɔ̃na; ke eƒe dzi nyrãna ɖe Yehowa ŋu.


Elabena wò dɔmedzoe na mía nu yi, eye wò dziku ɖe mi ɖa kple ŋɔdzi.


Ke Korax viwo ya meku o.


Eye Mose gblɔ na Aron bena: Tsɔ dzudzɔdosonu, eye naɖe dzo ɖe eme le vɔsamlekpui la dzi, nètsɔ nayi ha la gbɔ, eye nale avu na wo, elabena Yehowa do dɔmedzoe, eye dɔvɔ̃ dze gɔme.


eye metso nunɔladɔ la de asi na eya ŋutɔ kple eƒe dzidzimeviwo tegbee, elabena ena ŋu ɖe eƒe Mawu nu, eye wòlé avu na Israel-viwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite