Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 17:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Mide megbe le ha sia ŋu, ne matsrɔ̃ wo zi ɖeka! Tete wotsyɔ mo anyi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Yehowa gblɔ na Mose be wòatsɔ Aron ƒe atikplɔ la ada ɖe nubablaɖaka la xa, wòanɔ afi ma tegbetegbe be wòaɖo ŋku aglãdzedze sia dzi na ameawo. Ne ame aɖe galĩ liʋĩliʋĩ tso Aron ƒe nɔƒe ŋu la, ekema ele be Mose nahe atikplɔ la do goe, atsɔ afia ameawo. Nu sia ana be dzɔgbevɔ̃e bubu magava ameawo dzi o.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 17:10
23 Referans Kwoze  

esi me sikadzudzɔmlekpui kple nubablaɖaka, si ŋu wofa sika ɖo kpe ɖo la le, eye eya me sikaze, si me mana le kple Aron ƒe atikplɔ, si ƒo se, kple nubabla ƒe nuŋlɔkpeawo le.


Migana amea ɖeke natsɔ nya ƒuƒlu able mi o; elabena nusia ŋuti Mawu ƒe dziku la va vi sẽtowo dzi ɖo.


Mi dziƒowo, misee, eye anyigba, ƒu to anyi; elabena Yehowa le nu ƒom bena: Menyi viwo wotsi, eye medo wo ɖe dzi, ke wodze aglã ɖe ŋunye.


Adɔ ɖa tso dziƒo, ne wòaxɔ nam; ne amesi lɔ gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ɖe ŋunye la, le vlo ɖom hã, Sela; Mawu aɖo eƒe amenuveve kple nyateƒe ɖa.


Tete ame vlo kple yakame, siwo katã le ŋutsu, siwo de kple Dawid dome la gblɔ bena: Esi woawo mede kpli mí o la, eyata miana aboyonu, siwo míexɔ la, ƒe ɖeke wo o; ke boŋ wo dome amesiame nekplɔ srɔ̃a kple viawo ko, ne wòayi!


Ke Eli viŋutsuwo nye ame vlowo, eye wometsɔ ɖeke le Yehowa ƒe nya


Tso esime menya mi la, to kokoko sẽm miele ɖe Yehowa ŋu.


Eye Mose gblɔ bena: Se, si Yehowa de, enye si: Midzra gomer ɖeka ɖo hena miaƒe dzidzimeviwo, bena woakpɔ abolo, si mena mieɖu le gbedzi, esime mekplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi la.


Israel, èwɔ nuvɔ̃ tso Gibea ŋɔli ke. Eya dzi wogale; ɖe ana matu ame vɔ̃ɖiwo le Gibea oa?


Migali liʋiliʋi, abe alesi wo dome amea ɖewo li liʋiliʋi, eye nugblẽla tsrɔ̃ wo ene la o.


Eye Aron tsɔe dzra ɖo ɖe seawo gbɔ, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


Tete nunɔla Eleazar fɔ akɔbli-dzudzɔdosonu, siwo amesiwo dzo fiã tsɔ vɛ la, eye woƒo wo gbadzaa tsɔ fa ɖe vɔsamlekpui la ŋu,


Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Eye Mose gblɔ na Aron bena: Tsɔ dzudzɔdosonu, eye naɖe dzo ɖe eme le vɔsamlekpui la dzi, nètsɔ nayi ha la gbɔ, eye nale avu na wo, elabena Yehowa do dɔmedzoe, eye dɔvɔ̃ dze gɔme.


Tete Mose tso atikplɔ la le Yehowa ŋku me, abe alesi wòde se nɛ ene.


Ɖo ŋku edzi, eye megaŋlɔ alesi nèɖo dɔmedzoe na Yehowa, wò Mawu, le gbedzi la be o! Miesẽ to ɖe Yehowa ŋu, tso gbesigbe ke mieʋu tso Egipte, vaseɖe esime mieva teƒe sia.


Migana Kehat viwo natsrɔ̃ ɖa le Lewitɔwo dome o;


Tete Mose kple Aron tsyɔ mo anyi ɖe Israel-viwo ƒe ha blibo la katã ŋku me.


Mite ɖe aga le ha sia ŋu, ne matsrɔ̃ wo zi ɖeka.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite