Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 16:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Mesɔ gbɔ na mi haɖe be, Israel ƒe Mawu la tia mi tso Israel ƒe ha la me, be miate ɖe eŋu, eye miawɔ dɔ le Yehowa ƒe nɔƒe la ŋu, mianɔ ha la nu, eve miasubɔ wo oa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Mesɔ gbɔ na mi be Israel ƒe Mawu la ɖe mi ɖa tso Israel ƒe ameha la me, kplɔ mi te ɖe eɖokui ŋu be miawɔ dɔ le Yehowa ƒe Agbadɔ la me, eye miatsi tsitre ɖe ameha la ŋkume asubɔ wo oa?

Gade chapit la Kopi




4 Mose 16:9
20 Referans Kwoze  

Eye wògblɔ bena: Dawid ƒe aƒe la, misee: Nu tsɛ wònye na mi be, miana nu nati ko na amegbetɔ, hafi miehe, yewoana nu nati ko na nye Mawua ke hã?


Eye Yehowa ɖa Lewi-to la ɣemaɣi, bena woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la, woawɔ subɔsubɔdɔ le Yehowa ŋku me, eye woayra ame ɖe eƒe ŋkɔ dzi, va do egbe.


Gbemagbe wodo ŋutsuwo nudzraɖoƒexɔ, siwo me nudzɔdzɔ, nu gbãtɔwo kple nuwo ƒe ewolia le la nu, be woadzɔ nu tso agblededuwo me ade wo me na nunɔlawo kple Lewi-viwo, abe alesi wode see ene; elabena Yuda kpɔ dzidzɔ le nunɔla kple Lewi-vi, siwo tsi tre ɖi,


Saul ƒe dɔlawo gblɔ nya siawo ɖe Dawid ƒe to me, eye Dawid gblɔ bena: Nu tsɛ wònye le mia ŋku me be, woazu fia ƒe toa? Ke nye la ame dahe menye, eye nyemele ɖeke me o.


Mesɔ gbɔ na wò be, nekplɔ mí tso anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi, be nava wu le gbedzi oa? Azɔ nele amegã hã ɖu ge ɖe mía dzia?


Na Lewi-to la nava nunɔla Aron gbɔ, bena woasubɔe.


ke Lewitɔwo naƒu asaɖa anyi ɖe nɔƒe, si me se la le, ŋuti godoo ava kpe, bena dɔmedzoe magabi ɖe Israel-viwo ƒe ha la ŋu o. Eyata Lewitɔwo nalé ŋku ɖe nɔƒe, si me sea le la, ŋuti ɖoɖoawo ŋu.


Esi miele gbe ɖum le lãnyiƒe nyui la, nu tsɛ ko wònye na mi, hafi mienyã avuzi le miaƒe gbe mamlea dzia? Eye esi miele tsi zɔzrɔ̃e nom la, nu tsɛ ko wònye na nu, hafi mietsɔ afɔ blu mamlea,


Eye wògblɔ na Lewi-viwo, amesiwo fiãa nu Israel blibo la, eye wokɔa wo ŋu na Yehowa la bena: Mitsɔ aɖaka la yi xɔ, si Dawid vi Salomo, Israel-fia, tu la me, eye migatsɔe ɖe abɔta azɔ o. Eyata misubɔ Yehowa, mia Mawu la, kple eƒe dukɔ Israel ko.


Aƒetɔ Yehowa, ɖe esia nye nu tse le ŋkuwò me, hafi nègado nusi ava gbaɖegbe la ŋugbe ɖe wò dɔla ƒe aƒe la ŋua? Esia nye nusi nèɖo ɖe amegbetɔvi ŋua, Aƒetɔ Yehowa!


Eɖo ŋu nɛ bena: Alo mesɔ gbɔ be, nèxɔ srɔ̃nye le asinye oa? Azɔ nèle didim be, nagaxɔ vinye ƒe agbitsa hãa? Tete Raxel gblɔ bena: Ekema nedɔ gbɔwò egbe zã ɖe viwò ƒe agbitsa la nu!


Ke nye la nu via ɖe ŋutɔ ko wònye nam, ne woadrɔ̃ ʋɔnum le miawo alo amea ɖe ƒe ʋɔnudrɔ̃gbe dzi; evo la nyemedrɔ̃ ʋɔnu nye ŋutɔ ɖokuinye hã o.


Eye esi wole Aƒetɔ la subɔm, eye wotsia nu dona la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ bena: Azɔ mitia Barnaba kple Saul nam hena dɔwɔwɔ, si ŋuti meyɔ wo ɖo.


Eye natsɔ Lewitɔwo ade asi na Aron kple viaŋutsuwo, etɔ woanye blibo le Israel-viwo dome.


Eye Mose gblɔ na Korax bena: Mi Lewi-viwo, mise gbe!


Woawo neyi nye kɔkɔeƒe la, eye woate de nye kplɔ ŋu, ne woasubɔm, eye woawɔ nye subɔsubɔdɔwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite