Eye mese gbe bubua ɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm bena: Mi amesiwo nye nye dukɔ la, mido go tso me, bene miagade ha kplii le eƒe nuvɔ̃wo me o, eye bena miagaxa eƒe fuwɔame ƒe ɖeke o,
Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na Israel-viwo be: Dukɔ kɔ lialiatɔwo mienye, ne manɔ mia dome ayi kpli mi aɖabaƒoƒo ɖeka pɛ hã la, matsrɔ̃ mi. Eyata miɖe miaƒe atsyɔ̃ɖonuwo ɖi, eya ko hafi manya, nusi mawɔ na mi.
Nukaŋuti Egiptetɔwo agblɔ bena: Dzɔgbevɔ̃e didi na wo ta wòkplɔ woyii ɖo, bena wòa wu wo le towo domee, eye woatsrɔ̃ wo ɖa le anyigba ŋku me? Na wò dome nata, eye naɖe asi le vɔ̃, si neɖo ɖe wò dukɔ ŋuti la ŋu.