Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 16:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 dze aglã ɖe Mose ŋuti, eye Israel-viwo dome ŋutsu alafa eve blaatɔ̃, amesiwo nye ŋkutatɔwo le ha la dome, eye wonye adaŋudelawo le takpekpewo me kple ame ŋkɔŋuwo la, kpe ɖe wo ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Ɖoɖo lae nye be woana amewo nadze aglã ɖe Mose ŋu. Ame siwo lɔ̃ ɖe aglãdzedze ƒe ɖoɖo sia dzi kple Israelviwo ƒe xexlẽmee nye ame alafa eve blaatɔ̃ (250). Wonye kplɔlawo kple aɖaŋudelawo.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 16:2
10 Referans Kwoze  

Eye Eliab viwo nye Nemuel, Datan kple Abiram. Woawo nye Datan kple Abiram mawo, siwo nye adaŋudelawo le ha la dome, eye wowɔ dzre kple Mose kple Aron, le esime Korax ƒe ha la wo dzre kple Yehowa,


Woɖe amae, wokplɔ viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo dzoe, eye wowu eya ŋutɔ kple yi, ale be wòzu kpɔdzidze na nyɔnuwo, eye wohe to nɛ.


Woƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo nye esi: Efer, Yisei, Eliel, Azriel, Yirmeya, Hodaya kple Yaxdiel; wonye ŋutsuwɔlawo, ame ŋkɔŋuwo kple woƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo.


Le ŋkeke mawo me la ame dzɔtsuwo le anyigba dzi; eye esi Mawu viŋutsuwo ɖe amegbetɔwo ƒe vinyɔnuwo, eye wodzi vi na wo megbe la hã wogale; woawo nye ame kako ŋkɔxɔla, siwo nɔ agbe le blema.


Eye wò ŋkɔ nyɔ le dukɔwo dome le wò tugbedzedze ta, elabena nye atsyɔ̃, si meɖo na wò la, gbɔgblɔ mele eŋu o, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Amesiwo tso Efrayim-viwo dome la, le ame akpe blave kple alafa enyi, eye wonye ŋutsu kalẽtɔwo kple ame ŋkɔŋuwo le woƒe aƒekɔwo me.


Eye dzo tso Yehowa gbɔ fiã ŋutsu alafa eve blaatɔ̃, siwo tsɔ dzudzɔdonu ve la.


Eye Miryam kple Aron ƒo nu le Mose ŋu le Kus-nyɔnu la ta, elabena eɖe Kus-nyɔnu


Mía fofo ku le gbeadzi, ke menɔ Korax ƒe ha, si dze aglã ɖe Yehowa ŋu la dome o, ke boŋ eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃ tae woku ɖo, eye viŋutsua ɖeke mele esi o


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite