Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 16:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Tete dɔme ve Mose ŋutɔ, eye wògblɔ na Yehowa bena: Megatrɔ ɖe woƒe vɔsa la ŋu o! Nyemexɔ tedzi ɖeka hã le wo si o, eye nyemewɔ vɔ ɖe wo dometɔa ɖeke ŋu hã o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Mose do dɔmedzoe vevie, eye wògblɔ na Yehowa be, “Mègaxɔ woƒe vɔsawo o! Nyemefi woƒe tedzi gɔ̃ hã kpɔ o, eye nyemewɔ nuvevi aɖeke wo dometɔ aɖeke kpɔ hã o.”

Gade chapit la Kopi




4 Mose 16:15
18 Referans Kwoze  

Miʋu mia ɖokui na mí! Miewɔ vɔ̃ ɖe amea ɖeke ŋuti o, miegblẽ amea ɖeke o, mieha amea ɖeke o.


Miawoe nye ɖaseɖilawo kple Mawu hã, alesi mieno anyi kɔkɔe kple dzɔdzɔe kple mokaka manɔŋui le mi amesiwo xɔe se la gbɔ,


Mibi dzi, eye migawɔ nuvɔ̃ o; ɣe la nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi o;


Elabena miaƒe adegbeƒoƒo enye esi: Míaƒe dzitsinya ƒe ɖase, si wòɖina bena, miezɔ le xexe sia me le Mawu ƒe dzimekɔkɔ kple dzi dzadzɛ me, eye menye ŋutilã ƒe nunya me o: ke le Mawu ƒe amenuveve me boŋ, vevietɔ le mia dome.


Ke nye la nyemewɔ nusiawo ƒe ɖeke ŋuti dɔ kpɔ o; eye nyemeŋlɔ nusiawo, bene woawɔ nenema nam o; elabena ne meku la, anyo nam awu esi amea ɖe naɖi gbɔ nye kafukafu.


Eye esi wòkpɔ wo godoo kple dziku la, exa nu le woƒe dzimesesẽ la ŋuti, eye wògblɔ na ame la bena: Mlo wò asi! Eye wòmloe, eye eƒe asi la gaɖɔ ɖo.


Ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si le dɔmedzoe dom ɖe nɔvia ŋuti la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃; eye amesi ke agblɔ na nɔvia bena takukutɔ la, adze daŋudede gã, eye amesi ke agblɔ bena lã la, adze dzomavɔʋemeyiyi.


Ke Mose la wu amesiwo katã le anyigba dzi.


Esi wote tu asaɖa la, eye wòkpɔ nyivi la kple alesi wole ɣe ɖumee la, ɖɔme ve Mose, eye woxlã kpe, siwo le esi la, ɖe anyi, eye wogbã ɖe to la te.


Eye Mose gblɔ na Korax bena: Mia kple wò ha blibo la miakpe ɖe Aron ŋu ava Yehowa ŋku me etsɔ.


Elabena melé ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔwo ŋu, eye nyemewɔ nu vloa ɖeke ɖe nye Mawu ŋu o.


Ŋunyɔ enye ame vɔ̃ɖi ƒe vɔsa, aleke wòahanɔ, nenye ŋukpenanuwɔwɔ ta wohee vɛ ɖo?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite