Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 16:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Mekplɔ mí ɖe anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi, ne nahayi agblewo kple weingblewo tsɔ ge na mí hã o! Ɖe nèbe, yeaɖe ŋku le to me na ŋutsu siawoa? Míegbɔna afia ɖeke o!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Gawu la, mèkplɔ mí yi anyigba wɔnuku si ŋugbe nèdo na mí la hã dzi o, eye mèna agbledenyigba kple waingblewo mí o. Ame kawoe nèle agbagba dzem be yeabu abunɛtɔwoe? Míegbɔna o!”

Gade chapit la Kopi




4 Mose 16:14
12 Referans Kwoze  

Eye megblɔ na mi bena: Mixɔ woƒe anyigba la wòanye mia tɔ, eye matsɔ anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, ana mi wòazu mia tɔ. Nyee nye Yehowa, mia Mawu, si tia mi tso dukɔwo dome.


Ke Amonitɔ Nahas ɖo ŋu na wo bena: Hafi mabia nu kpli mi la, ele be, maŋɔ ɖusi me ŋku na mia dome amesiame, ne mado ŋukpe Israel blibo la!


Eye Filistitowo lee heŋɔ eƒe ŋkuwo, eye wokplɔe yi Gaza: wode akɔbli kɔsɔkɔsɔe, eye ele ne be, wòanɔ wɔ tum le gaxɔ me.


Nukaŋuti miekplɔ mí tso Egipte va teƒe baɖa sia, afisi womate ŋu aƒa nu ɖo o, eye gbotiwo, weinkawo kple yevuboɖatiwo mele o, eye tsi hã mele, be woano o.


Ke le ƒe adrelia me la na wòagbɔ ɖe eme, eye woazu flu, bena wò dukɔ la me ame dahewo nakpɔ nu aɖu, eye nusi susɔ la, gbemelãwo naɖui. Nenema ke nawɔ wò weingblewo kple wò devewo hãe.


Ne dzo dze gbe, eye wòlé ho, siwo le liƒo dzi, hefiã ava alo bli, siwo le bo dzi, alo agble blibo la katã la, ekema amesi tɔ dzo gbea ta, naɖo eteƒe.


Eyata medo bena, made mi atso Egiptetɔwo ƒe teteɖanyi la me akplɔ mi ayi Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba dzi, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo.


Eye meɖi va, be maɖe wo le Egiptetɔwo si me, eye makplɔ wo atso anyigba sia dzi ayi ɖe, anyigba, si nyo, eye wòlólo la dzi, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ do, afisi Kanaanitɔwo. Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo le.


Ƒe ade naƒã nu ɖewo anyigba dzi, eye naƒo wò agblemenuwo nu ƒu.


Eye wòto woƒe numegbe la nɛ bena: Miede anyigba, si dzi nedɔ mí ɖo la dzi; notsi kple anyitsi bɔ ɖe edzi vava, eye edzi kutsetsewo hã enye si;


Ne miaƒe nu dze Yehowa ŋu ko la, ekema akplɔ mí ayi anyigba sia dzii, eye wòatsɔ anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, na mi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite