Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 15:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 ekema amesi na nua Yehowa la, natsɔ wɔ memee, efa ƒe ewoliawo ɖeka, si wotsɔ ami hin ƒe eneliawo ɖeka dza bae la, awɔ nuɖuvɔsae.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 ekema ame si le vɔ la sam la atsɔ nuɖuvɔsa si nye wɔ memee kilogram ɖeka, si wobaka kple ami lita ɖeka na Yehowa,

Gade chapit la Kopi




4 Mose 15:4
21 Referans Kwoze  

Eye natsɔ dzomi hin eneliawo ɖeka adzaba wɔ memee efa ewoliawo ɖeka, eye natsɔ wein hin eneliawo ɖeka hena nunovɔsa akpe ɖe alẽvi ɖeka la ŋu.


Miatsɔ wɔ memee eta ƒe mamã ewoliawo eve, si wodzaba kple ami awɔ nuɖuvɔsa, si woatɔ dzoe na Yehowa, be wòaʋẽ lilili, hekpe de nunovɔsa wein hin ƒe mamã eneliawo ɖeka ŋu.


Tsɔ ami blui, eye natɔe le agba me, emegbe naflii, hafi atsɔ asa nuɖuvɔ lae, bena wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa.


Ne amea de be, yeasa nuɖuvɔ na Yehowa la, ekema wòatsɔ wɔ memee asa vɔ lae, eye wòakɔ ami de dzi, atsɔ dzudzɔdonu akpe de eŋu.


Le ŋkeke enyiagbe woatso alẽvi eve, siwo so blibo, kple alẽnɔ, si xɔ ƒe ɖeka, eye wosa blibo la, akpe ɖe wɔ memee tre etɔ̃, si wodzaba kple ami ŋu awɔ nuɖuvɔsae, hekpe ɖe ami trevi ɖeka ŋu.


Ke migaŋlɔ dɔmenyowɔwɔ kple hamenunana be o; elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu.


bene manye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla na trɔ̃subɔlawo, eye mawɔ Mawu ƒe nyanyuie la ƒe nunɔnɔdɔ, bene trɔ̃subɔlawo nazu vɔsa, si adze eŋu, eye eŋuti ko to Gbɔgbɔ kɔkɔe la me.


Elabena nye ŋkɔ lolo le dukɔwo dome tso ɣedzeƒe va-seɖe ɣetoɖoƒe, eye woado dzudzɔ ahasa vɔ dzadzɛ na nye ŋkɔ le teƒewo katã; elabena nye ŋkɔ lolo, le dukɔwo dome, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Wòatsɔ nuɖuvɔsa efa ƒe adeliawo ɖeka akpe ɖe eŋu asa vɔe ŋdi sia ŋdi hekpe de ami hin ƒe etɔ̃liawo ɖeka ŋu, ne woatsɔ adzaba wɔ memee wòanye nuɖuvɔsa na Yehowa; ɖoɖo anye esia ɖaa.


ne woakplɔ mia nɔviwo katã tso dukɔwo katã dome aɖo sɔwo dzi kple tasiaɖam kple apakawo me kple tedzisɔwo kple kposɔwo dzi abe nuɖuvɔsa ene na Yehowa ahava Yerusalem le nye to kɔkɔe la dzi, abe alesi Israel-viwo tsɔa nuɖuvɔsa dea nu dzadzɛwo me vaa Yehowa ƒe mee ene, Yehowa ye gblɔe!


Tete amiti gblɔ na wo bena: Magblẽ nye ami, si mawuwo kple amegbetɔwo kafuna nam la ɖi, ne mayi aɖanɔ agba sam ɖe atiwo dzia?


Kɔ ami ɖe edzi, eye natsɔ dzudzɔdonu akpe ɖe eŋu, elabena nuɖuvɔsae.


Eye woatso tsi akpala eƒe dɔmenuwo kple eƒe afɔwo, eye nunɔla natsɔ wo katã asa vɔe, eye woata dzo wo le vɔsamlekpui la dzi; elabena numevɔsae, dzovɔsa si nena lilili de Yehowa wònye.


Nenye alẽvi wotsɔ be, yeasa vɔ lae la, ekema wòakplɔe ava Yehowa ŋku me,


Nawu alẽvi ɖeka le ŋdi, eye nawu alẽvi evelia le fiẽ.


Eye miatsɔ wɔ memee eta ƒe ewoliawo etɔ, si wodzaba kple ami la, awɔ nuɖuvɔsa akpe ɖe nyitsua ɖesiaɖe ŋu; miatsɔ wɔ memee efa ƒe ewoliawo eve, si wodzaba kple ami la, awɔ nuɖuvɔsa akpe ɖe agbo ɖeka la ŋu,


Eyata tsɔ ga siawo ƒle nyitsuwo, agbowo kple alẽviwo kpakple wo ŋu uuɖuvɔsawo kple nunovɔsawo pɛgɛpɛ, eye natsɔ wo asa vɔe le mia Mawu ƒe aƒe ƒe vɔsamlekpui la dzi le Yerusalem.


Nusiwo wòna, wonye, klosalogba ɖeka, si da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, kple klosaloze ɖeka, si da sekel kɔkɔe blaadre, woa kple eve la yɔ ʋanaa kple wɔ memee, si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuvɔsae;


hekpe ɖe ɣleti yeye dzi numevɔsa kple eŋu nuɖuvɔsa kpakple gbesiagbe numevɔsa kple, eŋu nuɖuvɔsa ŋuti; eye woawɔ wo ŋu nunovɔsawo ɖe ɖoɖo la nu, ne wòanye dzovɔsa, si aʋẽ lilili ɖe Yehowa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite