Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 15:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Se ɖeka kple ɖoɖo ɖeka nanɔ eŋu na mia kple amedzro, si le mia dome la siaa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Se kple ɖoɖo mawo ke nakplɔ mi kple amedzro siwo le mia dome.’ ”

Gade chapit la Kopi




4 Mose 15:16
8 Referans Kwoze  

Se ɖeka ano eŋu na dumevi kple amedzro, si le mia dome la siaa.


Se ɖeka nanɔ mia si na amedzro kple duamevi siaa; elabena nyee nye Yehowa, mia Mawu.


Ne amedzro, si le mia dome be, yeaɖu ŋutitotoŋkekenyuie na Yehowa la, ekema wòaɖui ɖe ɖoɖo kple se, siwo le ŋutitotoŋkekenyuiea ŋu la nu. Ɖoɖo ɖeka nanɔ eŋu na amedzrovi kple duamevi siaa.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Ne dukɔ la dometɔa ɖe ɖe ŋu ɖi da Yehowa ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi, eye woɖi fɔ,


Du ade siawo nanye sitsoƒe na Israel-viwo kple amedzrowo kpakple wo gbɔ mewo, bena ne amea ɖe mebua wu ame o la, ne wòasi ayi afima.


Eye Israel blibo la, woƒe ame tsitsiwo kple dzikpɔlawo kpakple ʋɔnudrɔ̃lawo, amedzrowo kple dumeviwo siaa tsi tre de aɖaka la ƒe axawo kple eve dzi hedze ŋgɔ nunɔla, siwo nye Lewitɔwo, amesiwo le Yehowa ƒe nubablaɖaka la tsɔm, akpa afã dze ŋgɔ Gerizim-to, eye akpa afã dze ŋgɔ Ebal-to, abe alesi Yehowa ƒe dɔla Mose de se be, woatre Israel-dukɔ la yayra gbã ene.


Ne du bubu me to hã, amesi metso wò dukɔ Israel me o, ke boŋ anyigba didia ɖe dzi wotso va le wò ŋkɔ ta —


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite