Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 15:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Ɖoɖo ɖeka nanɔ eŋu na dukɔ blibo la kple amedzrowo siaa. Ɖoɖo mavɔ wòanye na miaƒe dzidzimeviwo; mia kple amedzrowo miesɔ le Yehowa ŋku me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Se ɖeka mawo ke nanɔ ameha la si na mi kple amedzro siwo le mia dome la siaa elabena miesɔ le Yehowa ƒe ŋkume. Esia nye ɖoɖo mavɔ na dzidzime siwo gbɔna.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 15:15
17 Referans Kwoze  

Se ɖeka nanɔ mia si na amesiwo ɖe ŋu ɖi da ƒu la, eɖanye Israel-viwo ŋutɔ alo amedzro, si le mia dome la o.


Ne amedzro, si le mia dome be, yeaɖu ŋutitotoŋkekenyuie na Yehowa la, ekema wòaɖui ɖe ɖoɖo kple se, siwo le ŋutitotoŋkekenyuiea ŋu la nu. Ɖoɖo ɖeka nanɔ eŋu na amedzrovi kple duamevi siaa.


Se ɖeka ano eŋu na dumevi kple amedzro, si le mia dome la siaa.


Azɔ la Yudatɔ kple Helatɔ megali o; kluvi alo ablɔɖevi megali o; atsu alo asi megali o; elabena mi katã ɖeka miele le Kristo Yesu me.


Eye wotsɔe wɔ se kple kɔnu na Israel tso gbemagbe dzi vaseɖe egbe.


Aron viŋutsu, siwo nye nunɔlawo, naku kpẽawo; ɖoɖo mavɔ wòanye na miaƒe dzidzimeviwo.


Se ɖeka nanɔ mia si na amedzro kple duamevi siaa; elabena nyee nye Yehowa, mia Mawu.


Eye Yehowa gblɔ na Mose kple Aron bena: Esia enye ŋutitotoŋkekenyuie la ŋu ɖoɖowo: Amedzroa ɖeke mekpɔ mɔ aɖui o.


Eye mia ŋutɔwo kple mia viwo miɖo ŋku ɖoɖo sia dzi tegbee.


Ŋkeke sia nanye ŋkuɖodzigbe na mi, eye mianɔ eɖum na Yehowa, wòanye ɖoɖo na miaƒe dzidzimeviwo, be miaɖui tegbee.


afisi Helatɔ kple Yudatɔ, aʋatsotso kple aʋamatsomatso, gbegãdzitɔwo kple Skitetɔ, kluvi kple ablɔɖevia ɖeke megali o, ke Kristo enye wo katã, eye wòle wo katã me.


Eye Yehowa gblɔ na Aron bena: Kpɔ ɖa, metsɔ adzɔ, siwo woɖena le Israel-viwo ƒe nunana kɔkɔewo katã ŋu la, na wò, wò ŋutɔ kple viwòŋutsuwo ƒe gome wònye, ɖoɖo mava wòanye.


Ne amedzroa ɖe dze mia gbɔ, alo wòtsi mia dome, eye wòbe yeasa dzovɔ, ne wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa la, ekema wòawɔ, abe alesi miewɔna ene.


Eye Aron kple viaŋutsuwo nadoe, ne woyina ɖe agbadɔ, si me Yehowa ɖea eɖokui fiana le la me, alo wote ɖe vɔsamlekpui la ŋu, be woasubɔ le kɔkɔeƒe la, ne maganye vodada na wo, eye woaku o. Esia nanye ɖoɖo na eya ŋuta kple eƒe dzidzimeviwo tegbee.


Eye Israel blibo la, woƒe ame tsitsiwo kple dzikpɔlawo kpakple ʋɔnudrɔ̃lawo, amedzrowo kple dumeviwo siaa tsi tre de aɖaka la ƒe axawo kple eve dzi hedze ŋgɔ nunɔla, siwo nye Lewitɔwo, amesiwo le Yehowa ƒe nubablaɖaka la tsɔm, akpa afã dze ŋgɔ Gerizim-to, eye akpa afã dze ŋgɔ Ebal-to, abe alesi Yehowa ƒe dɔla Mose de se be, woatre Israel-dukɔ la yayra gbã ene.


Yudatɔwo ɖoe, eye wotsɔe wɔ kɔnu na woawo ŋutɔ kple woƒe dzidzimeviwo kpakple amesiwo katã aku ɖe wo ŋu la be, woaɖu ŋkeke eve siawo le agbalẽ, si woŋlɔ na wo, kple ŋkeke ɖoɖo la nu, eye womada edzi o;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite