Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 14:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Nukata gɔ̃ Yehowa kplɔ mí va anyigba sia dzi, bena míatsi yi nu, eye mia srɔ̃wo kple mia viwo nazu aboyonu? Ne míagbugbɔ ayi Egipte la, ɖe manyo na mí awu oa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Nu ka ŋuti Yehowa kplɔ mí va anyigba sia dzi be míatsi yi nu? Mía srɔ̃nyɔnuwo kple mía viwo azu nuhaha. Ɖe manyo wu ne míagbugbɔ ayi Egipte oa?”

Gade chapit la Kopi




4 Mose 14:3
14 Referans Kwoze  

Amesiame nekpɔ eɖokui dzi nyuie le ehavi ŋu, eye megaɖo ŋu ɖe nɔvia ɖeke ŋu o; elabena nɔvi sia nɔvi enye ayetɔ, eye xɔlɔ̃ sia xɔlɔ̃ enye ame gɔmezɔla.


Zi nenie womehedze aglã ɖe eŋu le gbeadzi, eye womedo dziku nɛ le gbedadaƒo o!


amesi mia fofowo melɔ̃ be, yewoaɖo toe o, hafi boŋ wotu asii ɖa, eye wòtrɔ yi ɖe Egipte le woƒe dziwo me


Eye wogblɔ na wo bena: Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu mi, eye wòakpɔ me na mi. Elabena miena miede asi ʋeʋẽ me ɖe Farao kple eŋuti mewo, gɔ̃ la miede yi asi na wo, be woatso awu mí.


eye Israel-viwo gblɔ na wo bena: Ɖe Yehowa na míeku le Egipte-nyigba dzi, afisi míebɔbɔ nɔ miaƒe lãzewo dome, eye míeɖua abolo ɖia ƒo la, ne nyo wu esi miekplɔ mí va gbe sia dzi, bena dɔ nawɔ ameha blibo sia woaku!


Mesɔ gbɔ na wò be, nekplɔ mí tso anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi, be nava wu le gbedzi oa? Azɔ nele amegã hã ɖu ge ɖe mía dzia?


Eye dukɔ la wɔ dzre kple Mose bena: Oo, ɖe miawo hã míeku, esi mia nɔviwo ku le Yehowa ŋku me boŋ la, ne nyo wu!


eye dukɔ la ƒo nu le Mawu kple Mose ŋu bena: Nukata miekplɔ mí tso Egipte, be míaku le gbedzi? Elabena abolo kple tsia ɖeke mele afisia o, eye nuɖuɖu vlo sia le ŋu nyɔm na mí.


Eye miaƒe vidzie, siwo ŋu miegblɔ le be, woazu aboyonu, kple mia viŋutsu, siwo mele nyui alo vɔ̃ nyam egbe siawo o la, ade afima, eye matsɔe na wo wòanye wo to.


boŋ ɣleti ɖeka sɔŋ, vaseɖe esime wòado alo ŋɔti me na mi, eye woazu ŋunyɔnu na mi; elabena mieɖo vlo Yehowa, si le mia dome, eye miefa avi nɛ bena; Nukata gɔ̃ míedzo le Egipte ɖo?


wogbe toɖoɖo, womedo ŋku nukunu, siwo newɔ na wo la dzi o, wolia kɔ, eye woɖo tatɔ na wo ɖokui, be yewoagbugbɔ ayi yewoƒe kluvinyenye me le Egipte. Ke wò la, Mawu, si tsɔa nuvɔ̃wo kena la nènye, ènye amenuvela kple nublanuikpɔla, ènye ame fafa, eye wò amenuveve sɔ gbɔ, eye mègblẽ wo ɖi o.


hele gbɔgblɔm be: Kpao, ke boŋ mina míayi Egipte, afisi míakpɔ aʋawɔwɔ ŋku me, eye míase kpẽ ƒe ɖiɖi le o, afisi abolodɔ mawu mí le o, afima miaɖanɔ la,


Mi Yuda ƒe ame susɔeawo, Yehowa gblɔ ɖe mia ŋu be: Migayi Egipte o. Minyae be, megbe na mi egbea!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite