Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 14:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 makpɔ anyigba, si ŋu meka atam ɖo na wo fofowo la o, eye amesiwo katã do vlom la, hã makpɔe o!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 makpɔ anyigba si ŋugbe medo na ame siawo tɔgbuiwo o.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 14:23
12 Referans Kwoze  

Ŋutsu, siwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi, amesiwo xɔ ƒe blave kple vɔ la, makpɔ anyigba, si ŋu meka atam ɖo na Abraham, Isak kple Yakob la o, elabena womadze yonyeme blibo o;


Ke Israel-vi, siwo Mose kple nunɔla Aron tia xlẽ le Sinai-gbedzi la, dometɔa ɖeke mele ame siawo dome o.


Gake hã mekɔ nye asi dzi ɖe wo ŋu le gbea dzi, be nyemakplɔ wo ayi anyigba, si metsɔ na wo, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo, eye wònye anyigba nyuitɔ le anyigbawo katã dome la dzi o;


Eyata mí amesiwo xɔe se la, míayi ɖe dzudzɔ ma me, abe alesi wògblɔ ene bena: „Abe alesi meka atam le nye dziku me ene bena: Ne woahade nye dzudzɔ la me fĩ;“ wònye wowu dɔwɔwɔwo nu tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me hafi.


Tete wòkɔ eƒe asi dzi ɖe wo ŋu, be yeaxlã wo ɖe anyi le gbea dzi,


ale be meke atam le nye dziku me be: Ne woahade nye gbɔdemeƒe la fi!


Ena wo viwo sɔ gbɔ abe dziƒo ɣletiviwo ene, eye nèkplɔ wo va anyigba, si ŋu nègblɔ le na wo fofowo be, woayi adaxɔe wòanye wo lɔ la dzi.


Elabena Yehowa gblɔ na wo bena. Woaku le gbeadzi, eye wo dometɔa ɖeke masusɔ o, negbe Kaleb, Yefune vi, kple Yosua, Nun vi ko.


Kpɔ ɖa, metsɔ anyigba, si le mia ŋku me la na mi, miyi, ne miaxɔ anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mia fofowo Abraham, Isak kple Yakob be, yeatsɔe na woa kple wo megbe-viwo.


ke ne ewo nusi nye vɔ̃ le ŋkunye me, eye meɖo to nye gbe o la, ekema nyuie, si megblɔ be, mawo nɛ la, avem.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite