Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 14:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Gake zi alesi mele agbe, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ayɔ anyigba blibo la dzi la, ayɔ anyigba blibo la dzi

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Gake zi ale si mele agbe, eye zi ale si Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ anyigba blibo la dzi la,

Gade chapit la Kopi




4 Mose 14:21
16 Referans Kwoze  

Elabena sidzedze Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ayɔ anyigba dzi taŋ, abe alesi tsi yɔ atsiaƒui ene.


Woakafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la tegbee! Eƒe bubu ayɔ anyigba blibo la dzi fũ! Nenɔ alea, ẽ, nenɔ alea!


Fɔ ka dzi nakpɔ nu godoo: Wo katã woƒo takpli gbɔna va gbɔwò! Yehowa be: Meta ɖokuinye ƒe agbe: Ado wo katã abe lekewɔnu ene, eye atso wo abla ali dzi abe ŋugbetɔ ene.


Eye wodo ɣli ɖo ɖe wo nɔewo gblɔ bena: Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe enye Yehowa Zebaot! Eƒe ŋutikɔkɔe yɔ anyigba blibo la dzi!


Elabena meɖo nye asi ɖe dziƒo gblɔ bena: Mele agbe tegbee!


Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!


Eyata ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Ne Moab mazu abe Soɖom ene, eye Amon-viwo abe Gomora ene o fĩ! Woazu ŋuve, dzeʋe kple gbegbe tegbee; nye ɖukɔ ƒe susɔea aha wo, eye nye dukɔ ƒe mamlea atsɔ wo anyi domee.


Gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe be: Ame vɔ̃ɖi ƒe ku mevivia nunye o, negbe be, ame vɔ̃ɖi naɖe asi le eƒe zɔzɔme ŋu, ne wòanɔ agbe boŋ ye. Israel ƒe aƒe, miɖe asi le miaƒe zɔzɔme vɔ̃ɖiwo ŋu, miɖe asi le wo ŋu, nukaŋuti miehe, yewoaku ɖo?


Aƒetɔ Yehowa be: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Ne miagado lo sia lé Israel fi!


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe, esi netsɔ wò legbawo katã kple wò ŋunyɔnuwo katã gblẽ kɔ ɖo na nye kɔkɔeƒe ta la, ne magbe wò gbagbã gudugudu, nye ŋku akpɔ nublanui na wò, eye makpɔ tawo fi!


Eyata gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Meta ɖokuinye ƒe agbe: Amesiwo le glikpo dzi la, atsi yi nu, matsɔ amesiwo le gbe me la, ana gbemelãwo woaɖu, eye amesiwo le mɔ̃ sesẽwo kple agatowo me la, aku ɖe dɔvɔ̃ si me.


Yehowa be: Mefa ɖokuinye ƒe agbe: Ɖe wònye ŋkosigɛ nye Yuda-fia Xonya, Yoyakim vi la, le nye ɖusi la, anye ne maɖee aƒu gbe tso gama,


Gblɔ na wo be, Yehowa ƒe numegbe enye si: Meta nye agbe be, mawo mi, abe alesi miegblɔ ɖe nye to me ene!


gake megblẽ wò ɖi vaseɖe fifi, bena maɖe nye ŋusẽ afia wò, eye woakafu nye ŋkɔ le anyigba blibo la katã dzi.


Oo, Mawu, kɔ ɖokuiwò ɖe dzi gbɔ dziƒo ŋu, eye wò ŋutikɔkɔe nagbɔ anyigba blibo la ta!


Alesi mehe nya kple mia fofowo le Egipte-nyigba ƒe gbe dzi la, nenema mahe nya kple miawo hãe, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite