Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 14:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Zi nenie gɔ̃ dukɔ sia ado vlom, eye zi nenie woagbe dzinye xɔxɔ ase? Evɔ wonye mewo dzesi geɖewo le wo dome hafi?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Yehowa gblɔ na Mose be, “Va se ɖe ɣe ka ɣie ame siawo ado vlom? Va se ɖe ɣe ka ɣie woagbe be yewomaxɔ dzinye ase o le dzesi wɔnuku siwo mewɔ la katã megbe?

Gade chapit la Kopi




4 Mose 14:11
29 Referans Kwoze  

Wodo vlo anyigba nyo la, eye womexɔ eƒe nyawo dzi se o,


Ke to nusiawo katã gbɔ hã wogawɔ nuvɔ̃ yi dzi, eye womexɔ eƒe nukunuwo dzi se o.


Elabena womexɔ Mawu dzi se o, eye womeɖo dzi ɖe eƒe xɔname ŋu o.


Ke miebui o, eye miegbe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa, mia Mawu ŋu


migasẽ miaƒe dzime, abe alesi wowɔ le dɔmedzoe me le tetekpɔ ƒe ŋkeke la dzi le gbeadzi ene o,


Ke esi wòwɔ ale dzesi geɖe siawo le woƒe ŋku me hã la, womexɔ edzi se o,


Zi nenie gã ha vɔ̃ɖi sia ali ŋunye? Elabena mese alesi Israel-viwo li liʋĩliʋĩ ɖe ŋunye lae.


makpɔ anyigba, si ŋu meka atam ɖo na wo fofowo la o, eye amesiwo katã do vlom la, hã makpɔe o!


Ke amekawo wòka atam na bena, ne woahade yeƒe dzudzɔ la me fĩ? Ɖe menye na tosẽlawo o mahã?


Elabena amekawoe see, eye wòve dome na wo mahã? Alo menye wo katãe, amesiwo Mose kplɔ do go tso Egipte la o mahã?


Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Zi nenie miagbe toɖoɖo nye sewo kple nye ɖoɖowo mahã?


Ɖe nyemewɔ do, siwo amea ɖeke mewɔ kpɔ le wo dome o la, ne nuvɔ̃ mele wo ŋu o; ke azɔ la wokpɔe, eye wolé mía kple Fofonye hã ɖe fu me.


Ke ne mele wo wɔm la, ne miexɔ dzinye se o hã la, mixɔ dɔwɔwɔwo dzi se, bena miadze sii, eye miase egɔme bena, Fofo la le menye, eye nye hã mele Fofo la me.


Eye wòdo eŋu na wo gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse! Ɣekaɣi mana anyi kpli mi ase ɖo? Eye ɣekaɣi mado dzi ahe mi ase do mahã? Mikplɔe va gbɔnye!


Ke Yesu xɔ edzi gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse kple dzidzime, si tro kpaɖikpaɖi; ɣekaɣie manɔ anyi kpli mi ase ɖo? Eye ɣekaɣie mado dzi ahe mi ase ɖo mahã? Mikplɔe va gbɔnye afii!


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Alesi meɖo ta me be, mawɔ vɔ̃ mi, eye mevem o, le esi mia fofowo ɖo dziku nam ta la, Yehowa ye gblɔe,


Samaria, wò nyivi le ŋu nyɔm, nye dɔmedzoe bi ɖe wo ŋu; ɣekaɣi hafi woate ŋu ana wo ɖokui ŋu nadza?


Yerusalem, klɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ ɖa le wò dzi ŋu, ne woaxɔ na wò. Ɣekaɣi tamesusu vɔ̃ɖiwo nanɔ wò dzi me ase ɖo?


Ɣekaɣi mi gegemewo míalɔ̃ bometsitsi, mi fewuɖulawo miakpɔ dzidzɔ le fewuɖuɖu ŋu, eye mi bometsilawo mialé fu sidzedze ase do?


migasẽ miaƒe dzime ahe le Meriba kple gbemagbe le Masa le gbeadzi ene o!


Tete Mose kple Aron woyi Farao gbɔ, eye wogblɔ nɛ bena: Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gblɔ esi. Zi nenie gɔ̃ nagbe be, yemabɔbɔ ɖokuiwò nam oa? Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòaɖasubɔm!


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Mekpɔ bena, dukɔ sia la dukɔ kɔ lialiatɔ wònye.


Eyata Yehowa do dɔmedzoe gbemagbe heka atam bena:


Dukɔ vɔ̃ɖi sia, si gbe nye nyawo sese, wole zɔzɔm le woƒe dzimesesẽ nu, wodze mawu tutɔwo yome, eye wosubɔ wo hede ta agu na wo la, anɔ abe alidziblanu sia, si ŋu wɔnaa ɖeke megale o la ene.


Ke Israel ƒe aƒe la sẽ to de ŋunye le gbea dzi; womezɔ de nye ɖoɖowo nu o, wodo vlo nye se, siwo, ne ame wɔ wo dzi la, woana wòanɔ agbe la, eye wogblẽ kɔ do na nye dzudzɔgbewo vevie ŋutɔ. Tete meɖo be, matrɔ nye dziku aƒo de wo dzi le gbea dzi, eye matsrɔ̃ wo.


Kpɔ nyuie le eŋu, eye naɖo to eƒe gbe; megasẽ tame ɖe eŋu o, elabena matsɔ miaƒe vodadawo ake mi o, elabena nye megbea wònye.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite