Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 14:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ke ha blibo la be, yewoaƒu kpe wo woaku, tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe do ɖe Mawu ƒe agbadɔ la gbɔ le Israel-viwo katã ŋku me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Ke ameha blibo la ƒo nu tso kpeƒuƒu wo ŋu. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze le agbadɔ la gbɔ na Israelviwo katã.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 14:10
14 Referans Kwoze  

Tete Mose do ɣli yɔ Yehowa bena: Nuka mawɔ na dukɔ sia? Esusɔ vie ko woafɔ kpe aƒum!


Eye Mose kple Aron woyi ɖe Mawu ƒe agbadɔ la me; eye esi wodo go la, woyra dukɔ la. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia dukɔ blibo la.


Esi Aron ƒo nu kple Israel-viwo ƒe ha bliboa la, wòtrɔ ŋgɔ dze gbedzi lɔƒo, eye kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia le alilikpoa ɖe me.


Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòfɔ kpe ƒu amesiwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ! Zi nenie meɖi bena, maƒo viwòwo nu ƒu, abe alesi koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋala te ene, gake mielɔ̃ o!


Eye Dawid xaxa ŋutɔ, elabena aʋakɔ la be, yeaƒu kpee, elabena dzi ku aʋakɔ blibo la dome amesiame le viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo ta; ke Dawid tsɔ eƒe Mawu, Yehowa, do ŋusẽ eɖokui.


Ke Mose kple Aron dzo le ha la gbɔ yi ɖe Mawu ƒe agbadɔ la nu, eye wotsyɔ mo anyi; tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia wo.


Eye Korax ƒo ha blibo la nu ƒu ɖe wo ŋu heva Mawu ƒe agbadɔ la nu. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia ha blibo la.


eye ŋdi la míakpɔ Yehowa, ƒe ŋutikɔkɔe, elabena ese miaƒe, liʋĩliʋĩlilĩ ɖe Yehowa ŋu; ke míawo la amehawo míenye, be miele; mia ŋu lim?


Eye esi wòdze klo la, edo ɣli kple gbe sesẽ bena: Aƒetɔ, megado nuvɔ̃ sia teƒe na wo o! Eye esi wògblɔ esia la, eto me do alɔ̃.


Alo nyagblɔɖilawo dometɔ ka yome mia fofowo meti oa? Eye wowu amesiwo gblɔ nya ɖi le ame dzɔdzɔe la ƒe vava ŋuti, amesi ƒe yomemɔfialawo kple wulawo miawo miezu azɔ;


Tete alilikpo tsyɔ Mawu ƒe agbadɔ la dzi, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ nɔƒe la taŋ.


Esi ha blibo la kpe ta ɖe Mose kple Aron ŋu la, woawo trɔ ɖo ta Mawu ƒe agbadɔ la gbɔ, eve kpɔ ɖa, alilikpo tsyɔ edzi, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite