Eye wòde se na Yosua, Nun vi, gblɔ bena: Lé dzi ɖe ƒo, eye sẽ ŋu, elabena wòe akplɔ Israel-viwo ayi anyigba, si ŋu meka atam ɖo na wo la dzi, eye nye ŋutɔ manɔ anyi kpli wò.
Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Kpɔ ɖa, wò kuɣi le aƒe tum; yɔ Yosua, eye mia kplii míatsi tre ɖe Mawu ƒe agbadɔ la gbɔ, ne maɖe se nɛ. Eye Mose kple Yosua woyi ɖatsi tre ɖe Mawu ƒe agbadɔ la gbɔ.