Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 13:33 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 Miekpɔ Enak viwo, amesiwo nye ame dzɔtsuwo ƒe dzidzimeviwo, hã le afima, eye miawo ɖeko míedze abe ʋetsuviwo ene, eye nenema woawo hã kpɔ míi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

33 Míekpɔ Nefilimtɔwo hã le afi ma (Anak nye Nefilimtɔwo ƒe dzidzimeviwo). Míedze le woƒe ŋkume abe abɔwo ene, eye nenema kee woawo hã kpɔ míe.”

Gade chapit la Kopi




4 Mose 13:33
17 Referans Kwoze  

Afika gɔ̃ yi ge míala? Mía nɔviwo ɖe dzi le mía ƒo gblɔ bena: Dukɔ la sɔ gbɔ, eye wodzo atsu wu mi, duawo lolo, eye woɖo gli ɖe wo ŋu ɖatɔ dziƒo, eye míekpɔ Enak-viwo hã le afima.


Eya, amesi le xexeame godoo ta me, eye eme nɔlawo le dzedzem abe ʋetsuviwo ene; eya, amesi he dziƒo me abe avɔ beli ene, eye wòkekee abe agbadɔ ene, be yeanɔ eme;


Le ŋkeke mawo me la ame dzɔtsuwo le anyigba dzi; eye esi Mawu viŋutsuwo ɖe amegbetɔwo ƒe vinyɔnuwo, eye wodzi vi na wo megbe la hã wogale; woawo nye ame kako ŋkɔxɔla, siwo nɔ agbe le blema.


Eye Filistitɔ la fɔ kɔ dzi kpɔ Dawid, eye wòdo vloe, elabena ɖevi ko wònye, ebia, eye wòdze ɖeka.


dukɔ, siwo nye Enak-viwo, wosɔ gbɔ, eye wodzɔ atsu, amesiwo wò ŋutɔ nènya kple amesiwo ŋu nèse nya le bena: Ameka ate ŋu ano te ɖe Enak-viwo nu?


Og, Basan-fia, enye ame dzɔtsu mlɔetɔ, si kpɔtɔ ɖi; eƒe gabati, si le Amon-viwo ƒe du Rabat me la, didi ŋutsu ƒe abɔklugui asieke, eye wòkeke abɔklugui ene.


Eya wu Egipte-ŋutsu kako, si didi abɔklugui atɔ̃ la. Akplɔ le Egiptetɔ la si le abe abaladoti ene; ke eya yi egbe kple atizɔti, eye wòxɔ akplɔ la le Egiptetɔ la si hetsɔ eya ŋutɔ ƒe akplɔ wui.


Tsã la Emitɔwo nɔ afima, amesiwo nye dukɔ gã, wòsɔ gbɔ, eye wodzɔ atsu abe Enakitɔwo ene.


Woɖo ta dziehe vaseɖe Xebron, afisi Aximan, Sesai kple Talmai, amesiwo nye Enak viwo nɔ. Ke wotso Xebron ƒe adre megbe, hafi wova tso Zoan le Egipte.


negbe dukɔ, si le anyigba la dzi, koe kako, woƒe duwo sesẽ, eye wololo, eye míekpɔ Enak viwo hã le afima.


Tete ha blibo la do ɣlikpɛ, eye dukɔ la fa avi le zã ma me.


Ɣemaɣi Yosua va tsrɔ̃ Enakitɔwo ɖa le toawo dzi le Xebron, Debir, Anab kple Yuda-towo kpakple Israel-towo katã dzi, eye Yosua tsrɔ̃ wo kple woƒe duwo gbidigbidi.


Eyata tsɔ tonyigba sia, si ŋu Yehowa ƒo nu le gbemagbe la nam; elabena wò ŋutɔ èsee gbemagbe bena, Enakitɔwo le afima, eye duawo lolo hesesẽ. Ɖewohĩ Yehowa anɔ kplim, be manyã wo, abe alesi Yehowa gblɔ ene.


Eye Kaleb nyã Enakitɔ etɔ̃ Sesai, Aximan kple Talmai, amesiwo Enak ŋutɔ dzi la ɖa tso afima.


Ke esi Israel-ŋutsuwo katã kpɔ ŋutsua la, wòsi le enu, eye wovɔ̃ ŋutɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite