Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 13:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Eye wogbɔ va Mose kple Aron kpakple Israel-viwo ƒe ha blibo la gbɔ, le Kades le Paran-gbedzi, hegblɔ dɔgbedenyawo na woa kple ha blibo la, eye wotia anyigba dzi kutsetseawo hã wo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Wogblɔ nu si wokpɔ la na Mose, Aron kple Israelviwo katã le Paran gbedzi le Kades, eye wotsɔ kutsetse siwo wotsɔ vɛ la fia wo.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 13:26
14 Referans Kwoze  

Alea pɛ mia fofowo wɔ, esi medo wo tso Kades-Barnea, bena woaɖakpɔ anyigba la ɖa.


Le ɣleti gbãtɔ me la Israel-viwo ƒe ha blibo la va Zin-gbedzi, eye dukɔ la ƒu asaɖa anyi ɖe Kades. Miryam ku le afima, eye woɖii ɖe afima.


Tete míeho tso Xoreb heto gbegbe gã dziŋɔ ma, si mia ŋutɔwo miekpɔ la, heɖo ta Amoritɔwo ƒe towo gbɔ, abe alesi Yehowa, mia Mawu, de se na mí ene: eye mieva ɖo Kades-Barnea.


Woho tso Ezeon-Geber heva ƒu asaɖa anyi ɖe Kades le Sin-gbedzi,


Eye mieɖo ɣli na Yehowa, eye wose míaƒe gbe hedɔ mawudɔlaa ɖe ɖa wòkplɔ mi tso Egipte; azɔ miele Kades, du, si le wò liƒo ŋu la me.


Tete Yuda-viwo va Yosua gbɔ le Gilgal, eye Kaleb, Yefune vi, si nye Kenizitɔ la, gblɔ nɛ bena: Enya nya, si Yehowa gblɔ na Mose, Mawu ƒe ame la, le mía kpli wo ŋuti le Kades-Barnea.


Emegbe wòtrɔ va En-Mispat, si enye Kades, eye wòsi Amalekitɔwo katã kple Amoritɔ, siwo nɔ Xazazon-Tamar la hã.


Esi wotsa ŋku le anyigba la dzi vɔ la, wòtrɔ gbɔ le ŋkeke blane megbe.


Eye Mose dɔ dɔlawo le Kades ɖo ɖe Edom-fia gbã bena: Ale nɔviwò Israel gblɔ esi: Wò ŋutɔ ènya fu, siwo katã dzo ɖe mia dzi.


ŋkeke wuiɖekɛ ƒe azɔli tso Xoreb ɖo ta Seir-towo gbɔ vaseɖe Kades-Barnea.


Yehowa ƒe gbe na gbedzi ʋuʋu, Yehowa na Kades-gbedzi ʋuʋu.


Eye Mose ɖɔ wo ɖa tso Paran-gbedzi le Yehowa ƒe se la nu; ŋutsuawo, katã nye ame ŋkutawo le Israel-viwo dome.


Wova Eskol-tɔʋu la nu hekpɔ anyigba la ɖa, eye woɖe dzi le Israel-viwo ƒo, ale bena wobe, yewomegale anyigba, si Yehowa na wo la, dzi yi ge o.


Mexɔ ƒe blane, esime Yehowa ƒe dɔla Mose dɔm tso Kades-Barnea, be mayi ɖatsa ŋku le anyigba dzi, eye meva gblɔ, alesi mekpɔ la nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite