Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 13:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Esiawo nye ŋutsu, siwo Mose do, be woaɖatsa ŋku le anyigbaa dzi la, ƒe ŋkɔwo Eye Mose yɔ Hosea. Nun vi, be Yosua.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Ame siawoe Mose dɔ be woaɖatsa anyigba la me. Ɣeyiɣi sia mee (Mose trɔ Hosea ƒe ŋkɔ wòzu Yosua) si gɔmee nye “Yehowa nye Ɖeɖe.”

Gade chapit la Kopi




4 Mose 13:16
14 Referans Kwoze  

Hosea, Nun vi, tso Efrayim-to la me;


Tete Mose gblɔ na Yosua bena: Tia ŋutsuwo kpe ɖe ŋuwò, eye nayi aɖawɔ aʋa kple Amalek etsɔ; ke nye la maɖatsi tre ɖe togbe la tame, eye male Mawu ƒe atikplɔ la ɖe asi.


Elabena ɖe Yosua kplɔ wo yi ɖe dzudzɔ me la, anye ne megaƒo nu emegbe la le ŋkeke bubua ɖe ŋuti o.


abe alesi wogblɔ le Hosea me hã ene bena: „Mayɔ ‚Manyenyedukoe‘ be Nye dukɔe la, kple Amemalɔ̃e be Amelɔlɔ̃e;


Agbadɔ sia hã ɖo mia fofowo si me, eye woawo kple Yosua wotsɔe va dukɔ, siwo Mawu tu asii ɖa tso mia fofowo ƒe ŋku me la ƒe anyigba dzi vaseɖe Dawid ƒe ŋkekeawo dzi,


Esia nye Yehowa ƒe gbe, si va na Hosea, Beeri vi, le Yuɖafiawo Uziya, Yotam, Axaz kple Xizkiya ŋɔli kpakple Israel-fia Yerobeam, Yoas vi ŋɔli.


Eye Mose kple Yosua, Nun vi, va gblɔ ha sia ƒe nyawo ɖe dukɔ la ƒe to me.


Miade anyigba, si ŋu meka atam ɖo na mi be, mianɔ edzi la dzi o, negbe Kaleb, Yefune vi, kple Yosua, Nun vi ko.


Ke Yosua, Nun vi, kple Kaleb, Yefune vi, amesiwo hã ɖe ɖatsa ŋku la, dze woƒe awuwo,


Guel, Maxi vi, tso Gad-to la me.


Dɔ ŋutsuwo ɖa, bena woaɖatsa ŋku le Kanaan-nyigba, si tsɔ ge mala ana Israel-viwo la dzi. Midɔ ŋutsu ɖekaɖeka tso wo fofowo ƒe toawo me; ame ŋkutawo sɔŋ woanye.


Yehowa ɖo ŋu na Mose bena: Yɔ Yosua, Nun vi, ŋutsu, si me gbɔgbɔ la le la, eye natsɔ wò asi aɖo edzi,


eya ƒe vi nye Nun, eya ƒe vi nye Yosua.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite