Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 12:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ke Mose la wu amesiwo katã le anyigba dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 (Azɔ la, Mose nye ame si bɔbɔ eɖokui wu ame bubu ɖe sia ɖe le anyigba dzi.)

Gade chapit la Kopi




4 Mose 12:3
16 Referans Kwoze  

Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye míakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo.


Amekae nye nunyala kple nugɔmesela le mia dome mahã? Eya netsɔ agbenɔnɔ nyui fia eƒe dɔwɔwɔwo le nunya ƒe dɔmefafa me.


Mezu bometsila; gake miawoe zi dzinye. Elabena nye la miawoe lakafum hafi; elabena nyemetsi megbe le naneke me le apostolo, siwo ko akpa la ŋu o, wònye nyemenye naneke hafi o.


Elabena mebuna be, nyemetsi megbe le naneke me le apostolo, siwo ko akpa la ŋu o.


Woayra amesiwo nye ame fafawo la; elabena woawoe anyi anyigba la ƒe dome.


ke boŋ wòanye dzime ƒe ame ɣaɣla le gbɔgbɔ fatu, si nɔa anyi kpoo la, ƒe nɔnɔme magblẽmagblẽ me, si xɔ asi sesẽ le Mawu ƒe ŋku me.


ke miefa tu le mia dome, abe alesi vidada kpɔa ye ŋutɔ viawo dzii ene,


Ke nye Paulo ŋutɔ mele nu xlɔ̃m mi to Kristo ƒe dɔmefafa kple tufafa me, nye amesi nye ame bɔbɔɖokui le miaƒe ŋku me le mia dome; ke esime nyemele mia gbɔ o la, dzi le ƒonye ɖe mia ŋu.


„Migblɔ na Zion vinyɔnuvi la bena: Kpɔ ɖa, wò fia gbɔna gbɔwò; eƒe dɔm…, eye wòdo tedzi kple dɔwɔlã, si nye tedzivi.


Elabena Yehowa ƒe dukɔ ƒe nu nyo eŋu, etsɔa xɔname ɖoa atsyɔ̃ na hiãtɔwo.


Yehowa léa hiãtɔwo ɖe asi, ke ebɔbɔa ame vɔ̃ɖiwo vaseɖe anyigba ke.


Eye Yehowa gblɔ na Mose kple Aron kpakple Miryam bena: Mia kple etɔ̃ la mido va Mawu ƒe agbadɔ la gbɔ, eye woa kple etɔ̃ la wodo va.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite