Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 12:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 hegblɔ bena: Alo Mose ɖeɖe koe Yehowa ƒo nu kplia? Ɖe meƒo nu kple miawo hã oa? Eye Yehowa see.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Wogblɔ be, “Ɖe Yehowa ƒo nu to Mose ɖeɖe ko dzia? Ɖe meƒo nu to míawo hã dzi oa?” Ke Yehowa se nya sia.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 12:2
22 Referans Kwoze  

Eye wokpe ta ɖe Mose kple Aron ŋu hegblɔ na wo bena: Mia tɔ do ɖoɖo akpa! Ha blibo la le kokoe, eye Yehowa le wo dome tso, nukaŋuti miawo miele mia ɖokui dom ɖe dzi le Yehowa ƒe dukɔ la dome ale?


Miwo nuwo katã liʋiliʋilili kple ɖikeke manɔmee,


migawɔ naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o, ke boŋ mia dome amesiame natso ɖokuibɔbɔ abu nɔvia gã wu ye ŋutɔ ɖokui;


Nyee kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi, mexɔ wò ƒle tso kluvinyenyeƒe me, eye medɔ Mose, Aron: kple Miryam woɖze ŋgɔwò ɖe!


Ɖewohĩ Yehowa, wò Mawu la, se Rabsake ƒe nya, siwo eƒe aƒetɔ Asur-fia de esi ɖo ɖa, be wòatsɔ aɖe alɔme le Mawu gbagbe la ŋui, eye Yehowa, wò Mawu la, ahe to nɛ le nya, si wose la ta; eyata do gbe ɖa ɖe ame mamlea, siwo li la ta.


Miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũ kple dadavilɔlɔ̃, mitre mia nɔewo bubu!


Ɖewohi Yehowa, wò Mawu, se Rabsake, amesi eƒe aƒetɔ Asur-fia dɔ ɖo ɖa, be wòaɖe alɔme le Mawu gbagbe la ŋu la ƒe nyawo katã, eye woahe to nɛ le nya, siwo Yehowa, wò Mawu, se la ta; eyata ɖo gbe ɖa ɖe ame susɔe, siwo li la ta!


Eye dukɔ la li liʋĩliʋi le Yehowa ŋu le fuwɔame ta Yehowa see; eye wòdo dɔmedzoe eye Yehowa na dzo dze aƒe le wo dome, eye asaɖa ƒe mlɔenu bi dzo.


Nenema ke, mi ɖekakpuiwo, mibɔbɔ mia ɖokui ɖe ame tsitsiwo te; ke mi katã mibɔbɔ mia ɖokui ɖe mia nɔewo te, eye mitso ɖokuibɔbɔɖeanyi hetsyɔ; elabena Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.


Eye esi wòwɔ aho vɔ la, Dawid dɔ woɖakplɔe va eƒe me wòzu srɔ̃a, eye wòdzi ŋutsuvi nɛ. Ke nusi Dawid wo la, medze Yehowa ŋu o.


Ke Mose ɖo ŋu nɛ bena: Wòe le ŋu ʋã ge ɖe nunyea? Oo, Yehowa mana eƒe gbagba nava dukɔ blibo la dzi, eye wòatrɔ zu Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo dzro oa?


Elabena to amenuveve, si wonam la me mele egblɔm na mia dome amesiame bena, negadi nu gã wu nusi dze ame be, woadi o; ke nedi ɖokuidziɖuɖu yome boŋ, amesiame abe alesi Mawu dzidze xɔse ƒe dzidzenu nɛ ene la.


Dadala dzre sɔŋ ko wòhena vɛ; ke nunya le emesiwo nana woɖoa aɖaŋu na wo la dome.


Tete Mose kple Aron woyi Farao gbɔ, eye wowɔ, abe alesi Yehowa de se na wo ene. Aron tsɔ eƒe atikplɔ da ɖe Farao kple eŋuti mewo ƒe ŋku me, eye wòtrɔ zu da gãa ɖe.


Emegbe Mose kple Aron woyi dagblɔ na Farao bena: Ale Yehowa. Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi. Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòayi aɖaɖu ŋkekenyuie nam le gbedzi!


Eyome la egafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Eye wògblɔ bena: Yehowa se bena, womelɔ̃a nye nya o; eyata wotso esia hã nam. Eye wòna ŋkɔe bena Simeon.


Eye Aron gblɔ nya, siwo katã Yehowa de asi na Mose la; ke eya wo dzesiawo le dukɔ la ƒe ŋku me.


Ke Mose la wu amesiwo katã le anyigba dzi.


Tete Yehowa, do dɔmedzoe ɖe Mose ŋu gblɔ bena: Alo nyemenyae bena, nɔ viwò Aron, Lewitɔ la, nya nuƒoƒo nyuie oa? Kpɔ ɖa, egbɔna kpe; wò ge, eye ne ekpɔ wò la, dzi adzoe ŋutɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite