Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 11:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye yakame, siwo le wo do me la, de asi nudzodzro me, tete Israel-viwo gafa avi gblɔ bena: Ameka gɔ̃e le lã na ge mi miaɖu hã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Nuɖuɖu bubuwo de asi yakame siwo le wo dome la dzodzro me, eye Israelviwo gade asi liʋĩliʋĩlilĩ me hegblɔna be, “Ne míakpɔ lã aɖu ko!

Gade chapit la Kopi




4 Mose 11:4
16 Referans Kwoze  

Ke nusiawo zu kpɔdeŋu na mí, bene miaganyenu vɔ̃ɖi dzrolawo, abe alesi wòdzro ame mawo ene la o.


Amedzro geɖewo hã kpe ɖe wo ŋuti, eye wokplɔ alẽwo kple nyiwo, lãha gã ŋuta, ɖe asi.


Wodzro nu le gbedzi, eye wote Mawu kpɔ le gbedadaƒo.


Migana woable mi o! Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.


Esime wose sea la, woɖe ame tsakatsakawo katã ɖa le Israel dome.


hafi mido Aƒetɔ Yesu Kristo boŋ, eye migana beléle na ŋutilã nazu nudzodzrowo yomenɔnɔ o.


eye Israel-viwo gblɔ na wo bena: Ɖe Yehowa na míeku le Egipte-nyigba dzi, afisi míebɔbɔ nɔ miaƒe lãzewo dome, eye míeɖua abolo ɖia ƒo la, ne nyo wu esi miekplɔ mí va gbe sia dzi, bena dɔ nawɔ ameha blibo sia woaku!


ŋutsu, siwo katã kpɔ ŋutikɔkɔe kple dzesi, siwo mewo le Egipte kple gbeadzi, gake wotem kpo zi ewo, eye womeɖo to nye gbe o la,


Mesɔ gbɔ na wò be, nekplɔ mí tso anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi, be nava wu le gbedzi oa? Azɔ nele amegã hã ɖu ge ɖe mía dzia?


hele gbɔgblɔm be: Kpao, ke boŋ mina míayi Egipte, afisi míakpɔ aʋawɔwɔ ŋku me, eye míase kpẽ ƒe ɖiɖi le o, afisi abolodɔ mawu mí le o, afima miaɖanɔ la,


Mese Israel-viwo ƒe liʋĩliʋĩlilĩ la. Gblɔ na wo be: Fiẽ la miaɖu lã, eye ŋdi la miaɖu abolo aɖi ƒo, bena miadze sii be, nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu la.


Ke gblɔ na dukɔ la bena: Mikɔ mia ɖokui ŋu hena etsɔ; miakpɔ lã aɖu, elabena mieta avi ɖe Yehowa ƒe to me gblɔ bena: Ameka ana lã mi miaɖu? Eme nyo na mí le Egipte! Eyata Yehowa le lã na ge mi miaɖu.


Tete ha blibo la do ɣlikpɛ, eye dukɔ la fa avi le zã ma me.


Eye mìedo dɔmedzoe na Yehowa le Tabera, Masa kple nudzrolawo ɖiƒe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite