Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 11:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Mose ɖo ŋu bena: Dukɔ la dometɔ, siwo le afɔ zɔm, amesiwo dome mele la, le ame akpe alafa ade, eye nèle gbɔgblɔm be, yeana lã wo ɣleti ɖeka sɔŋ mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Mose gblɔ be, “Ŋutsuawo ɖeɖe de akpe alafa ade, nyɔnuwo kple ɖeviwo mele eme o; le esime nèdo ŋugbe be yeana lã wo ɣleti blibo ɖeka!

Gade chapit la Kopi




4 Mose 11:21
9 Referans Kwoze  

Eye Israel-viwo ʋu tso Ramses va Sukot; ŋutsu, siwo katã zɔ afɔ, anɔ ame akpe alafa ade, ɖeviwo mele eme o.


Amesiwo katã wotia xlẽ la, le ame akpe alafa ade kple etɔ̃ alafa atɔ̃ blaatɔ̃.


Ŋutsu, siwo katã woxlẽ, amesiwo xɔ ƒe blave alo wu nenema la, le ame akpe alafa ade kple etɔ̃ alafa atɔ̃ blaatɔ̃, eye wo dome amesiame na heka ɖeka, si enye sekel kɔkɔe afã.


Mawɔ wò dukɔ gã, eye mayra wò, mana wò ŋkɔ nanyɔ, eye nazu yayra.


Esiawo nye amesiwo wotia xlẽ le Israel-viwo dome le wo fofowo ƒe aƒewo nu Aʋawɔla, siwo katã le asaɖa me hamehame la, le ame akpe alafa ade kple etɔ alafa atɔ blaatɔ̃.


Afika makpɔ lã atsoe na dukɔ blibo sia? Elabena wole avi fam nam le gbɔgblɔm be: Na lã mí miaɖu!


boŋ ɣleti ɖeka sɔŋ, vaseɖe esime wòado alo ŋɔti me na mi, eye woazu ŋunyɔnu na mi; elabena mieɖo vlo Yehowa, si le mia dome, eye miefa avi nɛ bena; Nukata gɔ̃ míedzo le Egipte ɖo?


Alẽ alo nyie wole wuwu ge, hafi wòaɖe wo nu loo, alo ƒumelãwo katãe woaƒo ƒu, hafi wòaɖe wo nua?


Amesiwo wotia xlẽ le Israel-viwo me la, le ame akpe alafa ade kple ɖeka alafa adre blaetɔ̃.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite