Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 10:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ne mieho aʋa le miaƒe anyigba dzi ɖe miaƒe futɔ, siwo le fu ɖem na mi la ŋu, eye mieku kpẽ tsiã ɖe nu la, ekema Yehowa, mia Mawu, aɖo ŋku mia dzi, eye wòaɖe mi atso miaƒe futɔwo si me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Ne mieyi aʋa kple miaƒe futɔwo, ame siwo le mia tem ɖe anyi le miawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi la, ekema miku kpẽawo. Ekema Yehowa, miaƒe Mawu la aɖo ŋku mia dzi, eye wòaɖe mi tso miaƒe futɔwo ƒe asi me.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 10:9
34 Referans Kwoze  

Eye wogblɔ na Israel-viwo bena: Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mekplɔ Israel tso Egipte, eye meɖe mi tso Egiptetɔwo kple fiaɖuƒe, siwo te mi ɖe anyi la si me.


Ne Yehowa ɖo ʋɔnudrɔ̃la na wo la, Yehowa nɔa anyi kple ʋɔnudrɔ̃la la, eye wòɖea wo tsoa woƒe futɔwo si me, ŋkeke alesi ʋɔnudrɔ̃la la le agbe, elabena woƒe hũɖeɖe le fuɖenametɔwo kple ŋutasẽlawo ŋuti na be, Yehowa ƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu.


Eye Mawu ɖo ŋku Noa kple gbemelã kple aƒemelã, siwo katã le egbɔ le aɖakaʋua me la dzi, eye Mawu na ya ƒo ɖe anyigba dzi, ale bena tsia de asi miemie me.


Woƒe futɔwo xaxa wo ɖo, ale be wobɔbɔ ɖe woƒe ŋusẽ te.


Yehowa, ɖo ŋku dzinye le wò amenuveve, si nèɖe fi wò dukɔ la nu; tsa wò xɔname va kpɔm ɖa,


Eye esi Yuda trɔ la, kpɔ ɖa, wodze aʋa ɖe eŋu le ŋgɔ kple megbe siaa. Tete wodo ɣli yɔ Yehowa, nunɔlawo le kpẽawo kum,


Zidontɔwo, Amalekitɔwo kple Maontɔwo ɖe fu na mi, eye miedo ɣli yɔm la, nyemexɔ na mi oa?


Eye wote Israel-vi, siwo katã nɔ Yordan ƒe go keme dzi le Amoritɔ, siwo nɔ Gilead ƒe anyigba dzi la, ɖe anyi, eye wosẽ ŋuta le wo ŋu tso ƒe ma dzi ƒe wuienyi sɔŋ.


Ne wonyã ku lãdzoawo tsiã ɖe nu miese ko la, dukɔ blibo la natso aseye hoo, ekema du la ƒe gliwo aŋe adze eme, eye dukɔ la nakpɔ ŋgɔ tẽ age ɖe me.


Eye Mose ɖɔ ame akpe ɖeka tso to sia to me ɖo ɖe aʋa la, eye Pinehas, nunɔla Eleazar vi, he nu kɔkɔeawo kple kpẽ, siwo woaku atsiã ɖe nu la, ɖe asi.


Elabena ne kpẽ ƒe ɖiɖime mekɔ o la, ameka ladzra eɖokui ɖo na aʋa la mahã?


Ɖe wokua kpẽ le du me, eye vɔvɔ̃ gbea amewo ɖoɖoa? De dzɔgbevɔ̃e dzɔna le du me, eye menye Yehowa ye wɔe oa?


Meɖo dzɔlawo wo ŋu wole gbɔgblɔm be: Milé to ɖe kpẽ ƒe ɖiɖi ŋu! Ke woɖo ŋu be: Miele to lé ge ɖe eŋu o.


Ɣekaɣi manɔ aflaga kpɔm, eye manɔ kpẽwo ƒe ɖiɖi sem ase ɖo?


Nye dɔkaviwo, nye dɔkaviwo! Mele togotogoe ƒom le vevesese ta, nye dzixɔ, nye dzi dze agbo le menye, nyemate ŋu azi ɖoɖoe o, elabena nye luʋɔ le kpẽwo ƒe ɖiɖi kple aʋaɣli sem!


Migblɔe fia le Yuda, eye miɖe gbe ƒãe le Yerusalem be: „Miku kpẽ le anyigba la dzi!“ Mihe vekati míado ɣli be: „Miƒo takpli, eye mina míayi du sesẽwo me!“


He vekati nado ɣli, megadzudzɔ o! Wò gbe nede dzi abe kpẽ ene, eye nagblɔ nye dukɔ ƒe vodada nɛ kple Yakob ƒe aƒe ƒe nuvɔ̃wo nɛ!


Mi xexea me nɔlawo katã kple anyigbadzitɔwo, ne wotu aflaga ɖe towo dzi la, miakpɔe, eye ne woku kpẽ la, miasee!


Eya, amesi ɖo ŋku mía dzi, esime wòbɔbɔ mí ɖe anyi, elabena eƒe amenuveve li tegbee;


Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ yɔ Gideon me fũ; tete woku kpẽ yɔ Abiesritɔwo bena, wòadze eyome.


meɖe mi tso Egiptetɔwo kple miaƒe futɔwo katã si me, eye menya wo ɖa le mia ŋgɔ hetsɔ woƒe anyigba na mi.


Eye esi wògbɔ la, eku kpẽ le Efrayim-to dzi, tete Israel-viwo ɖi tso towo dzi va kpe ta ɖe eŋu, eye eya ŋutɔ dze wo ŋgɔ.


lãdzo- kple kpẽkugbe wòanye ava du sesẽwo kple xɔta kɔkɔwo dzi.


Miku lãdzo le Gibea, eye miku kpẽ le Rama! Mido aƒa le Bet-Awen be: Benyamin, kpɔ megbewò!


Woku kpẽ, eye wo katã wobla akpa, ke amea ɖeke meho yi aʋa o, elabena nye dɔmedzoe va woƒe amehawo katã dzi.


Mi Benyamin-viwo, misi tso Yerusalem! Miku kpẽ le Tekoa, eye mitu aflaga ɖo Bet-Hakerem; elabena dzɔgbevɔ̃e kple gbegblẽ gã tso anyiehe gbɔna.


Gblɔ na Israel-viwo be: Ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ nanye dzudzɔgbe, kpẽkugbe hena ŋkuɖoɖodzi kple takpegbe kɔkɔe na mi.


Kpɔ ɖa, Mawu kple eƒe nunɔlawo le mía nu, eye aseyetsokpẽawo li, be woaku ɖe mia ŋu Israel-viwo, migawɔ aʋa kple Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la o, elabena madze edzi na mi o!


Eyata Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye mana aʋaɣli naɖi ɖe Amon-viwo ƒe Raba ŋu, be woazu anyiglãgo, woatɔ dzo eŋu duwo, eye Israel agaxɔ eƒe domenyinu, Yehowa ye gblɔe.


Ne èho aʋa ɖe wò futowo ŋu, eye nekpɔ sɔwo, tasiaɖamwo kple aʋakɔ, si sɔ gbɔ wu wò la, megavɔ̃ wo o, elabena Yehowa, wò Mawu, si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi la, li kpli wò.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite