Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 10:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Tso klosalo wo kpẽ eve, woawo natsɔ ayɔ ameha lae, eye woawo natsɔ ana asaɖawo nahoe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 “Tsɔ klosalo wɔ kpẽ eve hena ameawo yɔyɔ be woaƒo ƒu kple gbeƒãɖeɖe be woaho.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 10:2
14 Referans Kwoze  

Miɖo nutsitsidɔ kɔkɔe, eye miɖe gbe ƒã takpegbe! Miƒo ame tsitsiwo kple anyigbadzitɔwo katã nu ƒu ɖe Yehowa, mia Mawu la ƒe me, eye mido ɣli na Yehowa!


Migasa nuɖuvɔ alakpatɔ azɔ o, dzudzɔdonu nyɔŋu wònye nam. Dzinu yeyewo, dzudzɔgbewo kple gbeƒẽɖeɖe takpegbewo la, nyemate ŋu ado dzi atsɔ alakpa kple takpekpewo o!


Mixe ha, mina axatsɛwo, gakasaŋku kple saŋku viviwo naɖi!


Aƒetɔ ɖeka, xɔse ɖeka, mawutsidedeta ɖeka,


Tsɔ kpẽ ɖo nu! Egbɔna Yehowa ƒe aƒe la dzi abe hɔ̃ ene! Elabena wotu nye nubabla la, eye wosẽ to de nye seawo ŋu.


Dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ nye wò fiazikpui ƒe anyinɔ; amenuveve kple nyateƒe le tsitre ɖe wò mo.


eye Lewi-viwo, siwo nye hadzilawo katã, Asaf, Heman, Yedutun kple wo viwo kpakple wo nɔviwo do aklalawu, wolé gakogoe, saŋku kple kasaŋku ɖe asi, eye wotsi tre ɖe vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe gome, eye nunɔla alafa ɖeka kple blave le kpẽ kum le wo gbɔ,


kple gliɖolawo kple kpefulawo, eye wotsɔe ƒle atiwo kple kpewo, ne woatsɔ aɖɔ Yehowa ƒe aƒe la ƒe gbagbãƒewo ɖo, kple nusiwo katã wohiã le xɔ la ɖɔɖɔɖo me.


Ne wobe, ha la nava kpe ta la, ekema woaku kpẽawo tatata ko, gake womaku wo atsiã ɖe nu o.


Eyome natsɔ sika nyuitɔ awɔ akaɖitii; woatu akaɖitia, eƒe afɔ kple ati la, eye woawɔ kawo, seƒoƒowo kple woƒe tamekukuwo ɖe eŋu.


Eye natsɔ sika atu Kerubi eve ɖe nutsyɔnu la ƒe goawo kple eve dzi.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Migblɔe fia le Yuda, eye miɖe gbe ƒãe le Yerusalem be: „Miku kpẽ le anyigba la dzi!“ Mihe vekati míado ɣli be: „Miƒo takpli, eye mina míayi du sesẽwo me!“


Miku kpẽ le Zion, mido aƒa le nye to kɔkɔe la dzi! Anyigbadzitɔwo katã nedzo nyanyanya, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la gbɔna, etu aƒe!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite