ke Lewitɔwo naƒu asaɖa anyi ɖe nɔƒe, si me se la le, ŋuti godoo ava kpe, bena dɔmedzoe magabi ɖe Israel-viwo ƒe ha la ŋu o. Eyata Lewitɔwo nalé ŋku ɖe nɔƒe, si me sea le la, ŋuti ɖoɖoawo ŋu.
Eye Israel-viwo ɖu ŋutitotoŋkekenyuie la le Sinai-gbedzi le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia dzi le tiẽ; alesi Yehowa ɖe se na Mose la, nenema Israel-viwo wɔ.
Ɖewo etsia anyi ŋkeke eve, ɣleti ɖeka alo wu nenema. Ne alilikpo la tsi nɔƒea dzi la, ekema Israel-viwo hã tsia asaɖa la me, eye womehona o; ke ne eho le edzi ta, ekema wohona.