Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 1:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Mia kple Aron mina Israeltɔ, siwo xɔ ƒe blave kple va, eye woate ŋu ade aʋa la, xlẽ hamehame.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Miŋlɔ Israel ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la, eye woate ŋu awɔ aʋa la ƒe ŋkɔwo.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 1:3
16 Referans Kwoze  

Amesiame, si wotia, eye wòxɔ ƒe blave alo wu nenema la, nadzɔ nu na Yehowa.


Mia dometɔ, siwo wotia xlẽ amesiwo xɔ ƒe blave kple vo la, woaku ɖe gbe sia dzi keŋkeŋ, le esi mieli ŋunye la ta.


Eye Yoab tsa dukɔ la ƒe xexlẽme vɛ na fia la: aʋa wolã, siwo ate ŋu adi yi le Israel dome la, la ame akpe alafa enyi, eye Yuda-ŋutsuwo le ame akpe alafa atɔ̃.


Ne amea ɖe ɖe srɔ̃ eteƒe medidi o la, ekema megayi aʋa o, eye womaɖe dɔa ɖeke asi nɛ o, ke boŋ wòanɔ eɖokui si le eƒe me ƒe ɖeka, eye wòado dzidzɔ na srɔ̃, si wòɖe la.


Ɣemaɣi meɖe se na mi bena: Yehowa, mia Mawu, tsɔ anyigba sia na mi, ne wòanye mia tɔ; mi kalẽtɔwo katã mibla akpa dze mia nɔvi Israel-viwo ŋgɔ;


Esiawo nye Israel-viwo ƒe toƒewo, lé esime woʋu tso Egipte-nyigba dzi hamehame, eye Mose kple Aron le wo nu la.


Ŋutsu, siwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi, amesiwo xɔ ƒe blave kple vɔ la, makpɔ anyigba, si ŋu meka atam ɖo na Abraham, Isak kple Yakob la o, elabena womadze yonyeme blibo o;


Mixlẽ amesiwo xɔ ƒe blave kple vɔ le Israel-viwo ƒe ha blibo la me, le wo fofowo ƒe aƒewo nu: amesiwo katã ate ŋu ade aʋa le Israel.


Miɖo ŋku abolo maʋamaʋã la dzi, elabena gbemagbe mekplɔ miaƒe amehawo tso Egipte-nyigba dzi. Eyata mido ŋku ŋkeke sia dzi, be wòanye ɖoɖo na miaƒe dzidzimeviwo tegbee!


Ŋutsu, siwo katã woxlẽ, amesiwo xɔ ƒe blave alo wu nenema la, le ame akpe alafa ade kple etɔ̃ alafa atɔ̃ blaatɔ̃, eye wo dome amesiame na heka ɖeka, si enye sekel kɔkɔe afã.


Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase ƒe to afã ƒe ŋutsu kalẽtɔ, siwo tsoa akpoxɔnu kple yi, wodaa da, eye wonya aʋaɖaŋu la, le ame akpe blane vɔ ene alafa adre kple blaade, eye woho yi aʋagbe dzi


Eye Amazya ƒo Yuda blibo la kple Benyamin nu ƒu, eye wòɖo wo le woƒe aƒekɔwo, le ame akpewo ƒe amegãwo kple ame alafawo ƒe amegãwo nu. Eye wolia amesiwo xɔ ƒe blave kple edzivɔwo la xlẽ, wole ame tiatia akpe alafa etɔ̃, amesiwo ate ŋu ade aʋa, eye woawɔ akplɔ kple akpoxɔnu ŋu dɔ.


Tia Lewitɔwo xlẽ le wo fofowo ƒe aƒewo kple woƒe ƒomeawo nu; ŋutsuvi, siwo katã xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la, natia axlẽ.


Amesiwo xɔ ƒe blaetɔ̃ kple vo vaseɖe ƒe blaatɔ̃, eye wodze na dɔwɔwɔ la, nawɔ Mawu ƒe agbadɔ la ŋu dɔwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite