Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 1:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esi woʋu tso Egipte-nyigba dzi ƒe eve megbe la, Yehowa ƒo nu kple Mose le ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi le Mawu ƒe agbadɔ la me, le Sinai-gbedzi bena:

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Le Israelviwo ƒe dzodzo le Egipte ƒe ƒe evelia ƒe ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ si nye Israelviwo ƒe ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Mawu nɔ agbadɔ la me le Israelviwo ƒe asaɖa me le Sinai gbedzi. Yehowa gblɔ nya siawo na Mose be,

Gade chapit la Kopi




4 Mose 1:1
15 Referans Kwoze  

Kerubi eve, siwo le nubablaɖaka tame la domee maɖe ɖokuinye afia wò le, eye magblɔ nya, siwo katã made asi na Israel-viwo la na wò tso afima.


Esi Israel-viwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi la ɣleti etɔ̃ megbe, le ŋkeke ma dzi tututu, wova Sinai-gbedzi.


Esi woʋu tso Egipte-nyigba dzi le ƒe evelia ƒe ɣleti gbãtɔ dzi la, Yehowa ƒo nu kple Mose le Sinai-gbedzi bena:


Esiawo nye se, siwo Yehowa gblɔ na Mose le Sinai-to la dzi, be woade na Israel-viwo.


Eye Yehowa yɔ Mose, eye woƒo nu kplu tso Mawu ƒe agbadɔ la me gblɔ bena:


Le ƒe evelia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi wotu nɔƒe la.


Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi natu nɔƒe, si enye Mawu ƒe agbadɔ la.


Eye wòva me le Israel-viwo ƒe ʋuʋu tso Egipte-nyigba dzi ƒe alafa ene blanyilia me, le esime Salomo ɖu fia ɖe Israel dzi ƒe ene megbe la, ede asi xɔtutu me na Yehowa le ɣlati Ziw, si nye ɣleti evelia dzi.


eye woƒo ha blibo la nu ƒu le ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, eye wode amesiwo xɔ ƒe blave kple vo la, ƒe ŋkɔwo dzidzimegbalẽ me ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒewo nu,


Esi woho tso Refidim la, wova Sinai-gbedzi, eye woƒu asaɖa anyi ɖe gbea dzi; afima Israel ƒu asaɖa anyi ɖo le to la kasa.


Eye Yehowa gblɔ na Mose kple Aron kpakple Miryam bena: Mia kple etɔ̃ la mido va Mawu ƒe agbadɔ la gbɔ, eye woa kple etɔ̃ la wodo va.


Le ƒe blanelia me, le ɣleti wuiɖekɛlia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi Mose ƒo nu kple Israel-viwo, abe alesi Yehowa ɖee asi nɛ na wo tututu ene;


Elabena Yehowa, wò Mawu, yra wò asinudɔwɔwɔwo katã, enya wò mɔzɔzɔwo katã le gbe gã sia dzi, eye Yehowa, wò Mawu, li kpli wò ƒe blane sɔŋ, ale be naneke mehiã wò o.


Ɣeyiɣi, siwo katã miezɔ ma tso Kades-Barnea, vaseɖe esime míetso Sered-toʋua, le ƒe blaetɔ̃ vɔ enyi, vaseɖe esime aʋawɔlawo katã ku vo le asaɖa la me, abe alesi Yehowa ka atam na wo ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite