Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Yohanes 1:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eyata ele na mí be, miaxɔ nenem me siawo, bene míazu woƒe hadɔwɔlawo na nyateƒe la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Le esia ta la, ehiã be miawɔ dɔmenyo na ame sia tɔgbiwo, ale be mí katã míawɔ dɔ ado nyateƒe la ɖe ŋgɔ.

Gade chapit la Kopi




3 Yohanes 1:8
17 Referans Kwoze  

Eyata ne meva la, maɖo ŋku eƒe dɔwɔwɔ, siwo wòwɔna kple nya vɔ̃, siwo wònɔa gbɔgblɔm ɖe mía ŋuti la dzi; eye nusiawo mesu me nɛ o: Eya ŋutɔ hã mexɔa nɔviawo o, eye wòxea ma na amesiwo lã be, yewoaxɔ wo, eye wòɖea wo le ha me.


kple Marko kple Aristarxo kple Dema kpakple Luka, hanyedɔwɔlawo, ɖuɖɔ mi ƒã.


kple Apia, mia nɔvinyɔnu, kple Arxipo, mía hadɔwɔla, kpakple hame, si le aƒewò me:


eye miedo Timoteo, mía nɔvi kple Mawu ƒe subɔla kple hadɔwɔla le Kristo ƒe nyanyuie me la ɖa, bene wòado ŋusẽ mi, eye wòaxlɔ̃ nu mi le miaƒe xɔse ŋuti,


kple Yesu, si woyɔna be Yusto, amesiwo tso aʋatsotsoa me la, ɖuɖɔ mi ƒã; amesiawo ɖeɖekoe nye hanyedɔwɔlawo na Mawu ƒe fiaɖuƒe la, nenem me siawo zu akɔfafa nam.


Ẽ, mele kuku dem na wò hã, hanyedɔwɔla vevi, bena naxɔ na nyɔnu siawo; elabena wodze agbagba le nyanyuie la la hekpe ɖe mía kple Klemens kpakple hanyedɔwɔla susɔeawo, amesiwo, ŋkɔwo woŋlɔ ɖe agbegbalẽa me la ŋuti.


Le Tito gome la, nye zɔhɛ wònye, eye hadɔwɔla wònye le mia gbɔ; le nɔvi, siwo tso mía gbɔ gome la, hame ƒe ame dɔdɔwo wonye kple bubu na Kristo.


Esi míenye hadɔwɔlawo ŋuti la, míele nu xlɔ̃m mi hã bena, miagaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro o.


eye ɖe ame ma aɖo eŋu nɛ le xɔa me agblɔ bena: Megaɖe fu nam o; ʋɔ la le tutu xoxo, eye vinyewo le aba dzi kplim, nyemate ŋu afɔ ana wò o mahã?


Amesi ke xɔa mi la, nyee wòxɔ, eye amesi ke xɔam la, exɔ amesi dɔm ɖa.


Eye amesi ke mexɔ mi o, eye meɖo to miaƒe nyawo hã o la, mido go tso aƒe ma alo du ma me, eye miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋuti ɖe anyi.


Elabena eƒe ŋkɔ la ŋuti wodo go yi ɖo, eye womexɔa naneke le trɔ̃subɔlawo si o.


Meŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe hame la; gake Diotrefo, si le didim be, yeaɖo ta ɖe wo nu la, mexɔ mi o.


Ameka atso ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu nam, eye ameka ado ɖe nu vɔ̃ɖi wɔlawo ŋu ɖe nunye?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite